Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 24:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Esi kposɔwo ɖi kɔ la, ŋutsu la tsɔ sikaŋɔtigɛ, si da sekel afã, kple alɔnugɛ eve, siwo da sekel ewo la, do nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Esi kposɔawo no tsi heɖi kɔ vɔ la, etsɔ sikatogɛ kple sikalɔnugɛ na Rebeka.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 24:22
16 Mawu Ofanana  

Tete dɔla la ɖe kposɔ ewo tso eƒe aƒetɔ ƒe kposɔwo dome, eye wotsɔ eƒe aƒetɔ ƒe nu vevi vovovowo ɖe asi, eye wòdze mɔ heyi Mesopotamia, ɖe Naxor ƒe ɖu la me.


Eye wògblɔ nɛ bena: Ameka vi nènyea? Meɖe kuku, gblɔe nam, ɖe dzeƒe le fofowò ƒe mea?


Laban ƒu du yi ŋutsua, si gale kposɔwo gbɔ le vudoa to ko la gbɔ.


Emegbe mebiae bena: Ameka vi nènyea? Eɖo ŋu bena: Betuel, amesi Milka dzi na Naxor ƒe vi menye, eye metsɔ ŋɔtigɛ kple alɔnugɛ ɖo ne.


Eye dɔla la ɖe klosalo- kple sikanuwo kple avɔ veviwo na Rebeka, eye wotsɔ akpedanu xɔasiwo na nɔvia kple dadaa.


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Ester do fiawu, eye wòyi fiasã ƒe xɔxɔnu emetɔ, si le fia ƒe xɔ ŋgɔ la. Fia la bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le fiasã me dze ŋgɔ aƒe la ƒe ʋɔtru.


Elabena klosalofɔƒe li, eye sika, si wolólona la, teƒe li.


Ɖe ɖetugbi aŋlɔ eƒe atsyɔ̃ɖoɖo be, eye ŋugbetɔ aŋlɔ eƒe alidziblanu bea? Ke nye dukɔ ŋlɔm be, ŋkekeawo mele xexlẽ me o.


Ale meƒle agble, si le Anatot la le tɔnyeɖia vi Xanameel si, eye meda klosalo sekel wuiadre nɛ.


amesiwo ƒe lekewɔwɔ naganye gota gome lekewɔwɔ to ɖaƒoƒo kple sikadodo kple awudodo me o,


Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa