Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 24:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ke ŋutsu la zi kpi le ekpɔm dũ, ne yeadze sii be, ɖe Yehowa na yeƒe mɔzɔzɔ dze dzi loo, alo medze edzi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Aƒedzikpɔla la megagblɔ nya aɖeke o, ke boŋ eda ŋku ɖi be yeakpɔ be Yehowa wɔ ɖe nu siwo katã yebiae la dzi mahã.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 24:21
13 Mawu Ofanana  

Eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: Yehowa, ye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Meɖe kuku, na wòadze edzi nam egbea, eye nave nye aƒetɔ Abraham nu!


Enumake wòkɔ tsia ɖe lãto la me, eye wògaƒu du yi vudoa me ɖadu tsi la, eye woɖu tsi na eƒe kposɔwo katã.


gblɔ bena: Woakafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, amesi meŋlɔ nye aƒetɔ be le enu veve kple nuteƒewɔwɔ nɛ me o la. Elabena Yehowa fia mɔm, eye wòkplɔm va nye aƒetɔ nɔviwo gbɔe.


Eɖo ŋu na wo bena: Migasikam ɖi o! Yehowa na nye mɔzɔzɔa dze edzi nam; eyata mido mɔm, ne mayi nye aƒetɔ gbɔ.


Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!


Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!


Amesi nye nunyala la, nelé ŋku ɖe esia ŋu, eye wòadze si Yehowa ƒe amenuveve!


Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!


Ke Mana lé nya siawo katã ɖe ta me, eye wobu wo ŋuti le eƒe dzi me.


Eye wòyi kpli wo, eye wòva Nazaret, eye wòbɔbɔ eɖokui na wo, eye dadaa tsɔ nya siawo katã dzra ɖo ɖe eƒe dzi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa