Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 24:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ke esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, kpɔ ɖa, Abraham nɔvi Naxor srɔ̃ Milka vi, Betuel ƒe vinyɔnuvi Rebeka lé ze ɖe abɔta va tsi du ge.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Hafi wòawu gbedodoɖa la nu la, Rebeka va do kple eƒe tsikuze si wòlé ɖe abɔta la. Enye Betuel ƒe vinyɔnu. Betuel nye Milka ƒe viŋutsu, ame si nye Abraham srɔ̃ nɔviŋutsu Nahor.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 24:15
22 Mawu Ofanana  

Tarax ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si: Tarax dzi Abram. Naxor kple Haran; eye Haran dzi Lot.


Eye Abram kple Naxor woɖe srɔ̃; Abram srɔ̃ ŋkɔ nye Sarai, eye Naxor srɔ̃ ŋkɔ nye Milka, amesi nye Haran, Milka kple Yiska fofo ƒe vinyɔnu.


Eye Abraham fɔ ŋdi kanya tso abolo, eye woku tsi ɖe lãgbalẽgolo me taŋ, eye wotsɔ ɖevi la kple nu mawo ɖo abɔta na Hagar hedo mɔ wo. Ke esi wole yiyim la, wova tra mɔ le Beer-Seba gbe dzi.


eye ava me be, nyɔnuvia ɖe ava, amesi magblɔ na bena: Na tsim mano, eye woaɖo ŋu nam be: Noe, eye mana wò kposɔwo hã nano lã, ekema eyae nye nyɔnu, si nèɖo ɖi na wò ɖɔla Isak, eye eya me madze sii le be, eve nye aƒetɔ nu!


Eɖo ŋu ne bena: Betuel, Milka vi, si wòdzi na Naxor la vinyɔnu menye.


Esi nyemekpɔ ɖe nu le nya la me o la, tete Rebeka lé ze ɖe ta vɛ, eye wòyi ɖe vudo la me ɖaku tsi. Eye megblɔ ne bena. Meɖe kuku, na tsim mano!


Isak xɔ ƒe blane, esime wòɖe Rebeka, si nye Aramtɔ Betuel tso Mesopotamia ƒe vi kple Aramtɔ Laban ƒe nɔvinyɔnu.


Egblɔ na wo bena: Mienyã Naxor vi Laban mahã? Woɖo ŋu bena: Ẽ, mienyae!


Esi wògale nu ƒom kpli wo la, tete Raxel kplɔ fofoa ƒe alẽwo vɛ, elabena alẽkplɔla wònye.


Te ɖa le vɔ̃ ŋu, eye nawɔ nu nyui: di ŋutifafa, eye nati eyome.


Mawu, kafukafuha edze wò le Zion, eye wòe woaxe adzɔgbeɖefe na.


Eye vinyɔnu adre le Midian-nunɔla si, amesiwo va tsi du ge ɖe lãwo ƒe towo me, bena woana tsi wo fofo ƒe alẽwo.


Eléa ŋku de nuwɔwɔwo ŋu le eƒe me, eye meɖua kuviabolo o.


Ekema àyɔ Yehowa, eye woatɔ na wò; àdo ɣli, eye wòagblɔ be: Nyee nye si! Ne èɖe ameteteɖeanyi, asifiafia me kple nu vɔ̃ɖi ƒoƒo le dowòme,


Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


Ale wòfɔe le agble la me vaseɖe ɣetrɔ, eye wòƒo nusiwo wòfɔ la, anɔ lu efa ɖeka.


Eye Rut, Moab-nyɔnu la, gblɔ na Naomi bena: Mayi agble me aɖafɔ lu dzɔdzɔewo le amesi ave nunye la yome. Eye wògblɔ ne bena: Heyi, vinye!


Esi wole to liam yina dua me la, wokpe nyɔnuviwo woyina tsi du ge, eye wobia wo bena: Nukpɔla le afisia?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa