Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 23:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Amedzro menye le mia dome, mina ameɖiƒem, bena matsɔ nye ame kuku la aɖi ɖe afima!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 “Amedzro menye le dzronyigba sia dzi; teƒe aɖeke mele asinye maɖi srɔ̃nye ɖo o. Meɖe kuku, midzra anyigba aɖe nam ne maɖi srɔ̃nye ɖe afi ma.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 23:4
21 Mawu Ofanana  

Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.


Eye Xitiviwo ɖo ŋu na Abraham bena:


Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!


Yakob ɖo ŋu na Farao bena: Ƒe, siwo katã metsɔ zɔ mɔe la, wonye ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃. Nye agbenɔƒewo mesɔ gbɔ o, eye mekpe hiã geɖe le wo me, eye mede tɔgbuinyewo ƒe ƒe, siwo wotsɔ zɔ mɔe la nu o.


ɖe kpeto, si le Maxpela gble me le Mamre kasa le Kanaan-nyigba dzi, agble, si Abraham ƒle le Efron Xititɔ si, be wòanye ameɖiƒe nɛ la me.


Eye viawo tsoe yi Kanaan, eye woɖii ɖe kpeto, si le Maxpela gble me, le Mamre kasa la me; agble, si Abraham ƒle le Efron Xititɔa si, be wòanye ameɖiƒe nɛ.


Elabena amedzrowo míenye le ŋkuwò me, eye amegbɔmewo míenye abe mía fofowo katã ene; míaƒe ŋkeke le abe vɔvɔli ene le anyigba dzi, eye mɔkpɔkpɔ mele eŋu o.


Elabena menyae be, àkplɔm ade asi na ku, eye mayi xɔ, si me agbãgbeawo katã ƒoa ta kpli do la me.


Amedzroe menye le anyigba dzi; megaɣla wò se la ɖem o!


Ne ètsɔ tohehe ka mo na amegbetɔa ɖe le eƒe vodada ta la, ekema eƒe nyonyo dome agblẽ, abe agbagblaʋui ye ɖui ene. Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye! Sela.


Eye wòdzi ŋutsuvi ne, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ bena Gersom; elabena egblɔ bena: Amedzro menye le dzronyigba dzi.


togbɛwo hã dzia ŋɔ na ame, eye ŋɔdzi nɔa mawo dzi; wotsria azi, eye ʋetsuviwo tea texlolo, eye nuɖuɖu medzroa ame o; elabena amegbetɔ yia eƒe aƒe mavɔ me, eye konyifalawo nɔa yiyim le kpɔɖome;


hafi ne ekewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.


Ne amea ɖe dzi vi alafa, enɔ agbe ƒe geɖe, eƒe agbe me ŋkekewo sɔgbɔ, gake meɖi ƒo ɖe nu nyuiawo ŋu o, eye ameɖiƒea ɖeke mesu esi o la, mele gbɔgblɔm be, fu gege nyo wu eyama.


Womadzra anyigba wòatsi ame si ɖaa o, elabena tanyee nye anyigba la, eye miawo míenye amedzrowo kple gbɔnye mewo.


eye wotsɔ wo va Sixem, eye wotsɔ wo mia yɔdo, si Abraham tso klosalo ƒlee le Xemor-viwo si le Sixem la me.


eye mena domenyinyia ɖekee ɖe edzi o, menye afɔ ɖeka ƒe kekeme hã o; eye wòɖo ŋugbe bena, yeatsɔe anae wòanye eya kple eƒome, si gbɔna le emegbe la to, esi vi mele esi haɖe o.


Le xɔse me wònye amedzro le ŋugbedodonyigba dzi abe dzronyigba ene, eye eya kple Isak kpakple Yakob, amesiwo nye ŋugbedodo kema ke ƒe hadomenyilawo la, wonɔ agbadɔwo me;


Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa