Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 23:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ale Xitiviwo ɖe asi le agble la kple kpeto, si le eme la ŋuti na Abraham, be wòanye ameɖiƒe nɛ koŋ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Ale Hititɔwo wɔ agbalẽ ɖe anyigba la kple kpeto si le edzi la dzi na Abraham be wòanye eƒe ameɖiƒe.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 23:20
14 Mawu Ofanana  

Eye Manase mia fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ, si nye Uza ƒe abɔ la me, eye via Amon zu fia ɖe eteƒe.


Ke fia la gblɔ na Arawna bena: Kpao, ke boŋ maƒlee le asiwò kple ga, eye nyemasa numevɔ na Yehowa, nye Mawu la, dzodzro o. Ale Dawid ƒle lugbɔƒe kple nyiawo klosalo sekel blaatɔ̃.


Eye viawo tsoe yi Kanaan, eye woɖii ɖe kpeto, si le Maxpela gble me, le Mamre kasa la me; agble, si Abraham ƒle le Efron Xititɔa si, be wòanye ameɖiƒe nɛ.


Fofonye na meka atam ne bena, ne yeku la, ekema maɖi ye ɖe yɔdo, si yeɖe ɖe Kanaan-nyigba dzi la me. Eyata meɖe kuku, mayi aɖaɖi fofonye, emegbe magatrɔ agbɔ.


Eye via Isak kple Ismael woɖii ɖe Maxpela-kpeto la me, le Xititɔ Efron, Zoxarvi ƒe agble, si le Mamre kasa la me.


Eye Kanaan dzi Zidon, eƒe ŋgɔgbevi, kple Xet,


Amedzro menye le mia dome, mina ameɖiƒem, bena matsɔ nye ame kuku la aɖi ɖe afima!


Esia megbe la Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto, si le Maxpela-gblea me la me le Mamre kasa; esia enye Hebron le Kanaan-nyigba dzi.


Le agble, si Abraham ƒle le Xitiviwo si la me woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo.


Eye wòde se na wo gblɔ na wo bena: Ne meyi ɖe tɔgbuinyewo gbɔ la, ekema miaɖim ɖe fofonyewo gbɔ, ɖe kpeto, si le Efron Xititɔ ƒe agble me la me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa