Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 23:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Esia megbe la Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto, si le Maxpela-gblea me la me le Mamre kasa; esia enye Hebron le Kanaan-nyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Emegbe la, Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto si le Makpela si te ɖe Mamre ŋu la me. Teƒe sia le Hebron le Kanaanyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 23:19
14 Mawu Ofanana  

zu Abraham tɔ le Xitiviawo kple amesiwo katã va dua me la ŋku me.


Ale Xitiviwo ɖe asi le agble la kple kpeto, si le eme la ŋuti na Abraham, be wòanye ameɖiƒe nɛ koŋ.


Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!


Eye wògblɔ ne bena: Yi ɖakpɔ bena, nɔviwòwo kple lãhawo li sesĩe mahã? Emegbe la nava gblɔe nam. Ale wòdɔe tso Xebron-bali me, eye wòva Sixem.


ke boŋ naɖim ɖe tɔgbuinyewo gbɔ, eye natsɔm atso Egipte aɖaɖi ɖe woƒe yɔdo me. Tete wòɖo ŋu bena: Mawɔe, abe alesi nèdi ene.


Eye viawo tsoe yi Kanaan, eye woɖii ɖe kpeto, si le Maxpela gble me, le Mamre kasa la me; agble, si Abraham ƒle le Efron Xititɔa si, be wòanye ameɖiƒe nɛ.


Tete Yosef na Israel ƒe viwo ka atam, eye wògblɔ bena: Ne Mawu aɖo ŋku mia dzi la, ekema mitso nye ƒuwo hã tso afisia yii!


Elabena menyae be, àkplɔm ade asi na ku, eye mayi xɔ, si me agbãgbeawo katã ƒoa ta kpli do la me.


togbɛwo hã dzia ŋɔ na ame, eye ŋɔdzi nɔa mawo dzi; wotsria azi, eye ʋetsuviwo tea texlolo, eye nuɖuɖu medzroa ame o; elabena amegbetɔ yia eƒe aƒe mavɔ me, eye konyifalawo nɔa yiyim le kpɔɖome;


hafi ne ekewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.


Ne amea ɖe dzi vi alafa, enɔ agbe ƒe geɖe, eƒe agbe me ŋkekewo sɔgbɔ, gake meɖi ƒo ɖe nu nyuiawo ŋu o, eye ameɖiƒea ɖeke mesu esi o la, mele gbɔgblɔm be, fu gege nyo wu eyama.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa