Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 22:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Abraham tsɔ numènake la ɖo la na via Isak, ke eya ŋutɔ ɖe dzo, eye wòɖo hɛ asi; ale wo kpakple eve woyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Abraham tsɔ vɔsanake la ɖo ta na Isak, eye eya ŋutɔ tsɔ hɛ la kple dzosinu ɖe asi. Ale wo ame eveawo dze mɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 22:6
7 Mawu Ofanana  

Tete Abraham gblɔ na dɔlawo bena: Mitsi afisia kple tedzi la; ke mía kple vinye la míayi afime aɖado gbe ɖa, emegbe míagatrɔ ava mia gbɔ.


Eye Eliya gblɔ nɛ bena: Taflatse, tsi afisia, elabena Yehowa le dɔyem ɖe Yordan nu. Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe: Ne magblẽ wò ɖi fĩ! Eye woa kple eve la woyi.


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.


bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to Yesaya, nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple dɔlélewo ɖo eɖokui dzi.“


Eye wòlé Yesu, eye wokplɔe yii, eye wòdo go hele eya ŋutɔ ƒe atitsoga la tsɔm yina ɖe teƒe, si woyɔna be ametakoliƒe, eye woyɔnɛ le Hebri-gbe me be Golgata;


Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa