Elabena amedzrowo míenye le ŋkuwò me, eye amegbɔmewo míenye abe mía fofowo katã ene; míaƒe ŋkeke le abe vɔvɔli ene le anyigba dzi, eye mɔkpɔkpɔ mele eŋu o.
Ne ètsɔ tohehe ka mo na amegbetɔa ɖe le eƒe vodada ta la, ekema eƒe nyonyo dome agblẽ, abe agbagblaʋui ye ɖui ene. Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye! Sela.
Le xɔse me amesiawo katã woku, eye woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o, ke wokpɔe, eye wodo ɖoaƒe nɛ le adzɔge, eye woʋu me be, yewonye amedzrowo kple nunɔlawo le anyigba la dzi.