Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 21:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Abraham yɔ ŋutsuvi, si Sara dzi nɛ la ƒe ŋkɔ bena Isak.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Abraham na ŋkɔ ɖevi si Sara dzi nɛ la be, Isak si gɔmee nye, “Nukoko.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 21:3
11 Mawu Ofanana  

Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee.


Ke mabia nu kple Isak, amesi Sara adzi na wò le ƒe, si gbɔna ƒe woalèwoɣi la.


Eye Mawu gblɔ na Abraham bena: Megana nya sia nave wò le ŋutsuvi la kple wò kosi la ta o; ke boŋ ɖo to Sara le nusianu, si wodi tso gbɔwò la me, elabena Isak me wò dzidzime-viwo adzo tso.


Eye Sara gblɔ bena: Mawu do nukokoe nam, eye amesiame, si asee la, ako nu le ŋutinye.


Eye wògblɔ nɛ bena: Kplɔ Isak, wò tenuvi, si gbɔ mèlɔ̃a nu lena o la, yi ɖe Moria-nyigba dzi, eye natsɔe amè nui le afima le vɔsamlekpui dzi le toa ɖe, si mafia wò la dzi!


Esia nye Abraham vi Isak ƒe dzidzimeŋutinya: Abraham ye dzi Isak.


Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo;


Eye wòna aʋatsotso ƒe nubablae, eye ale wòdzi Isak, eye wòtso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe; eye Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi tɔgbui wuieveawo.


eye hã la menye Abraham ƒomewo katãe nye viwo o, hafi „le Isak me woayɔ ƒome ana wò“ boŋ:


amesi wogblɔ na be: „Le Isak me woayɔ ƒome a tsoe na wò;“


Tete mekplɔ mia fofo Abraham tso tɔsisi la ƒe go keme dzi, eye mena wotsa le Kanaan-nyigba blibo la dzi — mena viawo dzi ɖe dzi — eye metsɔ Isak nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa