Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 21:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ale Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me le ɣeyiɣi, si Mawu gblɔ ɖi xoxo la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me ɖe ɣeyiɣi si dzi tututu Mawu do ŋugbe nɛ la dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 21:2
12 Mawu Ofanana  

Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee.


Ke mabia nu kple Isak, amesi Sara adzi na wò le ƒe, si gbɔna ƒe woalèwoɣi la.


Eye wògblɔ nɛ bena: Le ƒe, si gbɔna ƒe woalewoɣi la, magatrɔ ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ srɔ̃wò Sara si. Ke Sara le agbadɔ nu le emegbe le esem.


Ɖe nane sesẽ na Yehowa? Le ƒe, si gbɔna ƒe woleawoɣi la, magato ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ Sara si.


Eye kpɔ ɖa, Elisabet, wò ƒometɔ la, fɔ fu le ŋutsuvi dzi ge le eƒe nyagãkuku me, eye ɣleti sia enye adelia na eya, amesi woyɔna be konɔ.


Eye wòna aʋatsotso ƒe nubablae, eye ale wòdzi Isak, eye wòtso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe; eye Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi tɔgbui wuieveawo.


Elabena ŋugbedodonya enye sia bena: „Magbugbɔ ava gbɔwò le wɔleawoɣi, eye viŋutsuvi lanɔ Sara si.“


Elabena woŋlɔ ɖi bena, vi eve nɔ Abraham si Ame ɖeka tso kosi me, eye ame ɖeka tso ablɔɖenyɔnu me!


Le xɔse me Sara ke hã kpɔ ŋusẽ bena, wòfɔ fu, eye wòdzi vi le eƒe nyagãkuku me; elabena ebu amesi na ŋugbedodoe la nuteƒewɔlae.


Tete mekplɔ mia fofo Abraham tso tɔsisi la ƒe go keme dzi, eye mena wotsa le Kanaan-nyigba blibo la dzi — mena viawo dzi ɖe dzi — eye metsɔ Isak nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa