Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 21:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke Mawu se ɖevia ƒe avifafa, eye mawudɔla yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ bena: Hagar, nuka le wɔwòm? Megavɔ̃ o, elabena Mawu se ɖevi la ƒe gbe tso afisi wòle.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be, “Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 21:17
31 Mawu Ofanana  

Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Yehowa ƒe dɔla la gagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, èfɔ fu, eye àdzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Ismael; elabena Yehowa se wò konyi, si nèfa le wò fukpekpe la ŋuti


Ke Yehowa ƒe dɔla kpɔe le tsivudoa ɖe, si le gbe dzi le Sur-mɔ dzi la to.


Eye wògblɔ nɛ bena; Hagar, Sarai ƒe kosi, afika nètso, eye afika néyina? Eɖo ŋu bena: Ɖe mesi le nye aƒenɔ Sarai gbɔ.


Eye Yehowa ƒe ɖɔla la gblɔ nɛ bena: Trɔ yi wò aƒenɔ gbɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe ete!


Tete Yehowa ƒe dɔla yɔe tso dziƒo gblɔ bena: Abraham, Abraham! Eye wòtɔ bena: Nye enye si!


Yehowa, dziƒo Mawu, si ɖem tso fofonye ƒe me kple mia denyigba dzi, amesi ƒo nu kplim, eye wòka atam nam bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana la, adɔ eƒe ɖɔla ɖe ŋgɔwò, be naɖe srɔ̃ na vinye la tso afima


Tete Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me gblɔ bena: Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu! Megavɔ̃ o, elabena nye la meli kpli wò; mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le nye dɔla Abraham ta.


Eye wògblɔ bena: Nye enye Mawu, fofowò ƒe Mawu la. Megavɔ̃ Egipte yiyi o, elabena mana nazu dukɔ gãa ɖe le afima.


Gake Yehowa ve wo nu, ekpɔ woƒe nublanui, eye wòtrɔ ɖe wo ŋu le nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la ta, eye meɖi be, yeagblẽ wo o, eye meɖe woɖa le eƒe ŋkuta o vaseɖe fifi.


Eye Yoaxaz ƒo koko na Yehowa, eye Yehowa ɖo toe, elabena ekpɔ alesi Aram-fia te Israel ɖe anyii.


Ekpɔe, elabena wò ŋku le hiã kple nuxaxa ŋu, esiwò me wole; hiãtɔwo tsɔe de esi na wò; xɔnametɔ nènye ne tsyɔ̃eviwo.


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Nuxaxa na nye ŋkuwo le ayi, nu te wo ŋu le nye ketɔwo katã ta.


Mawu, kafukafuha edze wò le Zion, eye wòe woaxe adzɔgbeɖefe na.


Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.


Ke Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo, eye miakpɔ, alesi Yehowa le mia ɖe gee egbe; elabena Egiptetɔ, siwo kpam miele egbea la, miegale wo kpɔ ge alea gbeɖegbeɖe akpɔ o.


eye nye dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye mawu mi kple yi, ale be mia srɔ̃wo atrɔ zu ahosiwo, eye mia viwo azu tsyɔ̃eviwo.


Megado ɖiŋu na Mawu o, eye megaƒo ti de wò dukɔ la ƒe amegãwo o.


Eye Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le dzobibi me le ŋuvea ɖe me. Esi wòlé ŋku ɖe eŋu la, ekpɔ bena, ŋuve la le bibim, gake mele fiafiãm o.


Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.


Nya ɖe ŋutegabalime la ŋu: Nya ka dzo, be mi katã miede xɔta?


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Ke Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒo ƒu ɖe egbɔ gblɔ bena: Nye dɔme trɔ ɖe ameha la ŋuti; elabena egbe enye ŋkeke etɔ̃agbe wole ŋutinye, eye naneke mele wo si woaɖu o; ke nyemelɔ̃ bena, mado mɔ wo dɔme ɣeɣi o, ɖewohĩ aƒetrɔ latsɔ wo le mɔ dzi.


Ke esi Yesu se nya, si gblɔm wole la, egblɔ na ƒuƒoƒemegã la bena: Megavɔ̃ o, xɔ se ko.


Eye esi míedo ɣli yɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, Yehowa ɖo to míaƒe gbe, eye wòkpɔ miaƒe hiã, agbagbadzedze kple fukpekpewo me na mí,


Eye esi woyɔ Dan-viwo ɖa la, wonyè kɔ gblɔ na Mixa bena: Nya ka dzɔ, hafi nèyɔ amewo ƒo ƒu ale?


Ke Saul le nyiwo yome tso agble gbɔ. Tete Saul gblɔ bena: Nuka le dukɔ la wɔm wòle avi fam? Eye wòto Yabes-ŋutsuawo ƒe nyawo nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa