Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 20:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete Abimelex yɔ Abraham, eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Nuvɔ̃ ka gɔ̃ mewɔ de ŋuwò bena, nèhe dzɔgbevɔ̃e gã sia va nye ŋutɔ kple nye fiaɖuƒe la dzi mahã? Nusi womewɔna o la, eya nye esia nèwɔ ɖe ŋutinye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Abimelek yɔ Abraham, eye wògblɔ be “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Aleke gbegbe meda voe ɖe ŋuwò be nèna fɔɖiɖi gã sia va nye kple nye fiaɖuƒe dzi? Èwɔ nu si womewɔna o la ɖe ŋunye.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 20:9
20 Mawu Ofanana  

Eye Farao yɔ Abram ve gblɔ ne bena; Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye; nukaŋuti megblɔe nam bena, ye srɔ̃e wònye o mahã?


Eye Abimelex gagblɔ na Abraham bena: Nukae nèɖo ɖe ŋunye, hafi wɔ nu sia?


Esi Abimelex fɔ ŋdi la, eya eƒe dɔlawo katã vɛ heto nya siawo katã na wo, eye ŋutsuawo vɔ ŋutɔ.


Eye Abimelex gblɔ nɛ bena: Nuka enye si nèwɔ ɖe mía ŋu? Esusɔ vie vinyewo dometɔ ɖeka de asi srɔ̃wòa ŋu kloe, eye ahe dzɔgbevɔ̃e gãa ɖe ava mía dzi.


Ke esi ŋu ke la, ekpɔ be, Lea ye. Eye wògblɔ na Laban bena: Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye? Alo menye Raxel ta mesubɔ wò ɖo oa? Nukaŋuti nèblema?


Esi Yakob viŋutsuwo gbɔ tso lãnyiƒe, eye wosee la, ŋutsuawo bi dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ; elabena ewɔ ŋukpenanu ɖe Israel ŋuti, be wòde asi Yakob ƒe vinyɔnu ŋuti, nusi medze kura o.


Anɔ ɣleti etɔ̃ megbe la wogblɔ na Yuda bena: Lɔ̃xowò Tamar wɔ ahasi, eye wòfɔ fu ɖe eme. Tete Yuda gblɔ bena: Mikplɔe ɖo goe, ne míatɔ dzoe!


Amea ɖeke meɖe nunye le aƒe sia me o, eye womeɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?


Tete dzi ku Dawid vevie ɖe ŋutsu la ŋu, eye wògblɔ na Natan hena: Meta Yehowa ƒe agbe, ŋutsu, si wo nusia la, dze ku;


Ke eɖo ŋu bena: Kpao, nɔvinye! Megagblẽm o, elabena womewɔna alea le Israel o! Megawɔ ŋukpenanu sia o!


Eye Mose gblɔ; na Aron bena: Nuka dukɔ sia wɔ wò, bena nèhe vɔ gã sia va wo dzi ale?


Eye Yehowa ho to na dukɔ la, elabena wona Aron wɔ nyivi na wo.


Amesi ble nuteƒewɔlawo yi mɔ vɔ̃ɖi dzi la, eya ŋutɔ age adze eƒe ɖo me; ke fɔmaɖilawo anyi nu nyui ƒe dome.


Ne amea ɖe wo ahasi kple ŋutsua ɖe srɔ̃ la, ekema ewo ahasi kple ehavi srɔ̃, eye ele be, woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa.


Elabena ameŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele Mawu gbɔ o.


amesiwo nu wòle be, woatsi nya ɖo, amesiwo trɔ ƒome blibo geɖewo ƒe tame hele nu dzodzrowo fiãm le viɖe ƒoɖi ta.


Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.


Eye Yosua gblɔ bena: Esi nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi la, eyata Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò egbea! Tete Israel blibo la ƒu kpe wo, eye wòtɔ dzo wo. Esi woƒu kpe wo vɔ la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa