Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 20:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tete Mawu gblɔ nɛ le drɔ̃eƒe bena: Nye hã menyae bena, wò dzime kɔ le ewɔwɔ me; eyata metso wò xɔ ɖo, be nagade asi eŋu ahawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Mawu ɖo eŋu be, “Ɛ̃, menyae nenema, eya ta mekpɔ egbɔ be mèwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Esia tae nyemeɖe mɔ na wò be nàka asi eŋu o ɖo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 20:6
22 Mawu Ofanana  

Elabena Yehowa xe nyɔnu, siwo katã le Abimelex ƒe me la ƒe vidzidɔ le Sara, Abraham srɔ̃ la ta.


Tete Abimelex de se na eƒe dukɔ blibo la katã bena: Amesi ke awɔ nane ɖe ŋutsu sia kple srɔ̃a ŋu la, woawui.


ke Mawu gblɔ le ati, si le abɔa titina la ƒe tsetse ŋuti bena: Migaɖu eƒe ɖeke o, eye migaka asi eŋu hã o, be miagaku o!


Eye Mawu va Laban, Aramtɔ la gbɔ le zã me drɔ̃eƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokuiwò dzi, be nagaƒo nu yɔa ɖeke kple Yakob o.


Gake mia fofo blem, eye wòɖɔ li nye fetu zi ewo; ke Mawu meɖe mɔ nɛ be, wòawɔ vɔ ɖe ŋunye o.


Emegbe la wodze mɔ, ke Mawu na vɔvɔ̃ va dze du, siwo ƒo xlã wo la dzi: eyata wometi Yakob viwo yome o.


Amea ɖeke meɖe nunye le aƒe sia me o, eye womeɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?


Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me!


Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o, eye Israel melɔ̃ edzi nam o.


Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.


Manyã dukɔwo le ŋgɔwò, eye makeke wò liƒowo ɖe nu; ke ne èyi Yehowa wò Mawu ƒe ŋku me zi etɔ le ƒe ɖeka me la, wò anyigba madzro amea ɖeke o.


Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afisi wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.


Alea ke wòanɔ na amesi de ehavisrɔ̃ gbɔe; amesiame, si de asi eŋu la, metsi to mahemahe o.


De se na Aron kple viaŋutsuawo be: Esia enye numevɔsa la ŋuti se: Dzo nanɔ bibim ɖe numevɔsa la ŋu zã blibo la katã, vaseɖe esime ŋu nake. Ale dzo la nanɔ bibi dzi ɖaa le vɔsamlekpui la dzi.


Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnuɖrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a dɔ ɖo ɖe egbɔ gblɔ bena: Megawɔ naneke kple ame dzɔdzɔe ma o; elabena eto ƒe zã me la mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe le eta.


Nusi ŋuti mieŋlɔ nya nam le la, mebe: Enyo na ame bena, wòagade asi nyanu ŋu o.


Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,


Eye le esia ta Mawu adɔ beble, si nu sẽ la, aɖo ɖe wo gbɔ, bene woaxɔ aʋatsokaka dzi ase,


Elabena sedzimawɔmawɔ ƒe nya ɣaɣla la le da wɔm ŋusẽtɔe xoxo; ɖeko wòle be, woaɖe amesi le ma xem vaseɖe fifi la da le mo la dzi hafi;


Eyata nye aƒetɔ, mefa Yehowa ƒe agbe kple wò amea siaa, Yehowa nye amesi xe mɔ na wò, be nagaɖe hlɔ̃fe, eye natsɔ wò asi axa na ɖokuiwò o! Azɔ Nabal nenɔ abe nye aƒetɔ ƒe futɔ, siwo le eƒe gbegblẽ dim la ene!


Ɖeko meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, si xe mɔ nam be, nyemagawɔ vɔ̃ wò o la ƒe agbe, ɖe menye ɖe nèɖe abla va kpem o la, anye ne ŋutsua ɖeke makpɔtɔ na Nabal, hafi ŋu nake o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa