Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 20:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Abraham ʋu le afima yi ɖe dziehenyigba dzi heva nɔ Kades kple Sur dome, eye wònɔ Gerar vie?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Azɔ Abraham ʋu tso Negeb yi dziehe lɔƒo, eye wòyi ɖanɔ Kades kple Sur dome. Gbe ɖeka esi wòɖi tsa yi Gerar du me la,

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 20:1
23 Mawu Ofanana  

Eye Kanaan ƒe anyigba keke tso Zidon ɖo ta Gerar kple Gaza, ɖo ta Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim vaseɖe Lasa.


Eye Abram le ʋuʋum le dziehe gome yim ʋeʋeʋe.


Ale Abram ʋu le Egipte kple srɔ̃ kple nusiwo katã le esi la, hekpe ɖe Lot ŋuti, gatrɔ va dziehe gome.


Emegbe wòtrɔ va En-Mispat, si enye Kades, eye wòsi Amalekitɔwo katã kple Amoritɔ, siwo nɔ Xazazon-Tamar la hã.


Eye Abram srɔ̃ Sarai medzi vi nɛ kpɔ o. Ke Egipte-nyɔnua ɖe, si woyɔna be Hagar la, nye eƒe kosi.


Eyata woyɔ vudo ma bena: Agbetɔ, si le kpɔyem la ƒe vudo; ele Kades kple Bared dome.


Ke Yehowa ƒe dɔla kpɔe le tsivudoa ɖe, si le gbe dzi le Sur-mɔ dzi la to.


Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae le Mamre ƒe ati gãwo gbɔ, le esime wòbɔbɔ nɔ eƒe agbadɔ nu le ŋdɔ me.


Ke Abraham nye amedzro le Filistitowo ƒe anyigba dzi eteƒe didi.


Ke Isak gbɔ tso Agbetɔ, si le kpɔyem la ƒe vudo me; elabena enɔ dziehenyigba dzi.


Eye woƒe nɔƒe tso Xawila vaseɖe Sur le Egipte ƒe ɣedzeƒe heɖo ta Asur ke; ale wɔ womimi wo nɔviwo katã ɖo. Esau kple Yakob.


Ke do to le anyigba la dzi, abe alesi wòto le Abraham ŋɔli ene; tete Isak ʋu yi ɖe Filistitowo ƒe fia Abimelex gbɔ le Gerar.


Ke Gerartɔwo ƒe lãnyilawo wɔ dzre kple Isak ƒe lãnyilawo gblɔ bena: Mía tɔe nye; tsi la. Eyata wòna ŋkɔ vudo la be Esek, elabena wowɔ dzre ɖe eta.


Gbe ɖeka Abimelex kple xɔlɔ̃a Ahusat kple eƒe aʋafia Pixol wotso Gerar va egbɔ.


Eye Isak nɔ Gerar.


Yehowa ƒe gbe na gbedzi ʋuʋu, Yehowa na Kades-gbedzi ʋuʋu.


Emegbe Mose na Israel-viwo ho tso Avaƒu la nu heva Surgbedzi. Eye wozɔ gbea dzi ŋkeke etɔ̃, womekpɔ tsia ɖeke o.


Eye wogbɔ va Mose kple Aron kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la gbɔ, le Kades le Paran-gbedzi, hegblɔ dɔgbedenyawo na woa kple ha blibo la, eye wotia anyigba dzi kutsetseawo hã wo.


Eye mieɖo ɣli na Yehowa, eye wose míaƒe gbe hedɔ mawudɔlaa ɖe ɖa wòkplɔ mi tso Egipte; azɔ miele Kades, du, si le wò liƒo ŋu la me.


Tete míeho tso Xoreb heto gbegbe gã dziŋɔ ma, si mia ŋutɔwo miekpɔ la, heɖo ta Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mí ene: eye mieva ɖo Kades-Barnea.


Elabena miedi anukware nam le Israel-viwo dome le dzrewɔtsi la gbɔ le Kades le Zin-gbedzi o, eye miekɔ ŋunye le Israel-viwo dome o.


Eye Saul si Amalekitɔwo tso Xawila vaseɖe Sur, si le Egipte kasa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa