Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 2:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye wo kpakple eve la wole ƒeƒle, ame la kple srɔ̃a, eye ŋu mekpea wo o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Togbɔ be Adam kple srɔ̃a nɔ amama hã la, ŋu mekpea wo dometɔ aɖeke o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 2:25
15 Mawu Ofanana  

Tete wo kpakple eve ƒe ŋkuwo ʋu, eye wodze sii bena, yewole amama, eye wòtɔ amagbawo hesa ɖe ali.


Amesiwo katã kpɔa mɔ na wò hã, ŋu makpe wo o; ke ŋu akpe amesiwo trɔ le yowòme yakatsyɔ.


Na wò ŋku me naklẽ ɖe wò dɔla dzi, eye natsɔ wò amenuveve axɔ nam!


Esi Mose kpɔ bena, dukɔ la wɔ yakanu, elabena Aron ye do lã wo, be woƒe futɔwo naɖu fewu le wo ŋu la,


Legba mèlawo katã la toflokowo wonye, eye woƒe nu lɔlɔ̃awo mele ɖeke me o; woawo ŋutɔwoe nye woƒe ɖasefowo be, womele nu kpɔm o, eye womedzea si nu o, eyata ŋukpe alé wo.


Wò ama adze go, eye woakpɔ wò ŋukpeƒe. Mabia hlɔ̃, eye amea ɖeke matso mía dome o.


Megavɔ̃ o, elabena ŋu makpe wò o; wò mo megatsi da o, elabena ŋukpe malé wò o. Elabena àŋlɔ wò ɖetugbime ŋukpe be, eye màɖo ŋu wò ahosinyenye me vlododo o.


Wò Yehowa, Israel ƒe nukpɔkpɔ, amesiwo katã gblẽ wò ɖi la ŋu akpe wo! Woaŋlɔ amesiwo ɖe megbe le ŋuwò la ƒe ŋkɔ ɖe kewɔ me; elabena wogblẽ Yehowa, tsi gbagbe vudo la ɖi!


Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ ŋunyɔnu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe!


Nenye be, ekplɔ nɔviwònyɔnuwo, esiwo nye xoxo na wò kple esiwo nye ɖevi na wò, eye metsɔ wo wɔ viwònyɔnuwoe, ke menye le wò nubabla la ta o la, ekema àɖo ŋu wò zɔzɔme, eye ŋu akpe wò.


Miaɖu nu aɖi ƒo, eye miakafu Yehowa, mia Mawu, amesi wo nukunu ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔ, eye ŋu magakpe nye dukɔ akpɔ gbeɖe o.


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo la, Amegbetɔvi la akpe ŋu eya hã, ne ava le eya ŋutɔ kple Fofoa kple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe la me.


Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: „Amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa