Eye Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, metsɔ nu miemie tseku, siwo katã le anyigba blibo la dzi, kple ati, siwo katã tsena, siwo me ku le la, na mi, bena woanye nuɖuɖu na mi;
Eye Yehowa Mawu na ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu la, mie tso anyigba me; eye agbeti la kpakple sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la le abɔ la titina.
De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;