Eye Xizkiya do gbe ɖa le Yehowa ŋku me gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, asi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wo dziƒo kple anyigba.
Wò ɖeka koe nye Yehowa, wòe wɔ dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo kpakple wo ŋu nuwo katã kple anyigba kple nusiwo katã le edzi, kpakple atsiaƒuwo kple nusiwo katã le wo me la; wòe na agbe wo katã, eye dziƒonuwo le ta dem agu na wò.
ahasia ɖe ɣe kple ɣleti kpakple dziƒo ŋu nuwo nu, nusiwo ƒe nya wolɔ̃, eye wosubɔ, wodze wo yome, wobia nu wo se, eye wode ta agu na wo; womafɔ wo o, eye womatsɔ wo aɖi o, eye woazu gbeɖuɖɔ le anyigba dzi.
Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Israel ŋu; Ale Yehowa, amesi keke dziƒo me, amesi ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòwɔ gbɔgbɔ de amegbetɔ me la, gblɔ esi;
Ke Mawu trɔ ɖe wo, eye wòtso wo na dziƒoha ƒe subɔsubɔ, abe alesi woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene bena: „Israel-ƒeme, alo nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo vɛ na le ƒe blanea me le gbedzia?
eye megawu wò mo dzi akpɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo, eye naɖu ɖokuiwò ade ta agu na wo ahayi wo subɔ ge o, elabena ɖe Yehowa, wò Mawu, tsɔ wona dukɔ, siwo katã le dziƒoa te la.
Eyata mí amesiwo xɔe se la, míayi ɖe dzudzɔ ma me, abe alesi wògblɔ ene bena: „Abe alesi meka atam le nye dziku me ene bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ;“ wònye wowu dɔwɔwɔwo nu tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me hafi.