9 Eye wògblɔ nɛ bena: Afika srɔ̃wò Sara le? Eɖo ŋu bena: Ele agbadɔ me.
9 Wobiae be, “Afi ka srɔ̃wò, Sara le?” Abraham ɖo eŋu be, “Ele agbadɔ me.”
Eye wògblɔ nɛ bena: Le ƒe, si gbɔna ƒe woalewoɣi la, magatrɔ ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ srɔ̃wò Sara si. Ke Sara le agbadɔ nu le emegbe le esem.
Eye wòtsɔ notsi kpekẽtɔ kple notsi tsrolotɔ hekpe ɖe nyilã memee la ŋu va ɖo wo kɔme; ke eya ŋutɔ tsitre ɖe wo gbɔ le atia te, esime wole nua ɖum.
Eye Isak kplɔe yi ɖe dada Sara ƒe agbadɔ me, eye wòɖe Rebeka wòzu srɔ̃a, eye wòlɔnɛ ŋutɔ. Ale Isak ƒe ake fa le dada ƒe ku ŋuti.
Tete Yehowa Mawu yɔ amea gblɔ nɛ bena: Afika nèle?
Tete Laban ka Yakob kple Lea kpakple kosi eveawo ƒe agbadɔwo me, mekpɔe o; emegbe la; edze le Lea ƒe agbadɔ me heyi ɖe Raxel ƒe agbadɔ me.
Tete Yehowa gblɔ na Kain bena: Afika noviwò Habel le? Eye wòɖo ŋu nɛ be: Nyemenyae o! Alo nɔvinye dzikpɔla menyea?
woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.
Le xɔse me wònye amedzro le ŋugbedodonyigba dzi abe dzronyigba ene, eye eya kple Isak kpakple Yakob, amesiwo nye ŋugbedodo kema ke ƒe hadomenyilawo la, wonɔ agbadɔwo me;