Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 18:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye wòtsɔ notsi kpekẽtɔ kple notsi tsrolotɔ hekpe ɖe nyilã memee la ŋu va ɖo wo kɔme; ke eya ŋutɔ tsitre ɖe wo gbɔ le atia te, esime wole nua ɖum.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Eteƒe medidi o, etsɔ notsi babla kple notsi tsitɔ kple nyilã meme ɖo akɔme na wo. Enɔ atiawo te le amedzroawo gbɔ esime wonɔ nua ɖum.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 18:8
17 Mawu Ofanana  

Eye Abraham ƒu ɖu yi ɖe nyiwo dome, eye wòlé nyivi nyuia ɖe tsɔ na eƒe dɔla wòɖawu enumake, eye wòmee wòbi nyuie.


Eye wògblɔ nɛ bena: Afika srɔ̃wò Sara le? Eɖo ŋu bena: Ele agbadɔ me.


Eye esi wòƒoe ɖe wo nu ʋuu la, wòtrɔ va dze eƒe me. Eye wòto tatali heɖo kplɔ̃ na wo, eye woɖu nu.


Gbemagbe wodo ŋutsuwo nudzraɖoƒexɔ, siwo me nudzɔdzɔ, nu gbãtɔwo kple nuwo ƒe ewolia le la nu, be woadzɔ nu tso agblededuwo me ade wo me na nunɔlawo kple Lewi-viwo, abe alesi wode see ene; elabena Yuda kpɔ dzidzɔ le nunɔla kple Lewi-vi, siwo tsi tre ɖi,


Notsi kpekẽ kple anyitsi wòano, vaseɖe esime wòanya vɔ̃tsitsri kple nyuitiatia.


Eye le esi notsi bɔ ta la, woano notsi kpekẽ, elabena amesiwo kpɔtɔ ɖe anyigba dzi la dometɔ ɖesiaɖe ano notsi kpekẽ kple anyitsi.


Woayra dɔla ma, siwo, ne aƒetɔ la va la, akpɔ wo le ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi bena: Asa avɔ ɖe ali, eye wòana be, woanɔ kplɔ ŋuti, eye wòatsa wo dzi asubɔ wo.


Alo menye ɖe wòagblɔ nɛ bena: Dzra nusi maɖu la ɖo, nasa avɔ ɖe ali asubɔm, vaseɖe esime meɖu nu, eye meno nu, eye esia megbe wò hã naɖu nu, eye nano nu o mahã?


Eye wòva ve me bena, esi eya kple wo le nuɖuƒe la, etsɔ abolo la, eye esi wòyra ɖe edzi, eye wòŋe eme la, etsɔe na wo.


Eye wòtsɔe heɖu le woƒe ŋku me.


Eye wowɔ fiẽnuɖuɖu nɛ le afima, eye Marta subɔ kplɔa ŋuti, ke Lazaro enye amesiwo nɔ kplɔa ŋuti kplii la, dometɔ ɖeka.


menye dukɔ blibo la katã o, ke boŋ eƒe ɖaseɖila, siwo Mawu tia ɖi xoxo, mí, amesiwo ɖu nu, eye mieno nu kplii le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe.


Elabena, nɔviwo, woyɔ mi va ablɔɖenyenye gbɔ; ɖekoe ablɔɖenyenye la naganye mɔnunana ŋutilã o, ke boŋ misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me!


Ena nyinotsi kpekẽ kple alẽnotsii hekpe ɖe alẽviwo kple agbowo, Basan-nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe amiwo ŋu. Ena bli dokuwoe, eye wòna wein nyuitɔe wòno.


Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.


Tete Manoax gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la bena: Na míasika wò ɖi, ne miaɖa gbɔ̃via de aɖo akɔwò me.


Tsi wòbia, ke notsie wònae, bubumewo ƒe tre me woku notsi kpekẽ ɖo vɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa