Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 18:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 eye matsɔ abolo via ɖe vɛ, ne míado ŋusẽ mia ɖokui hafi adzo; elabena esia ta mieva to miaƒe dɔla gbɔ ɖo. Eye woxɔ dzi bena: Wɔ, abe alesi negblɔ ene!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 eye madi nane na mi miaɖu be wòado ŋusẽ mi. Mitɔ vie hafi miagayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi.” Amedzroawo ɖo eŋu be, “Enyo; wɔ abe ale si nègblɔ ene.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 18:5
12 Mawu Ofanana  

Tete Abraham ƒu ɖu yi ɖe Sara gbɔ le agbadɔ me, eye wògblɔ nɛ bena: Wɔ kaba, ku wɔ memee asiʋlo etɔ̃a ɖe, nablui, eye natsɔe atɔ tatalii.


Míkpɔ ɖa, vinyenyɔnu eve li, amesiwo medo ŋutsu gbɔ kpɔ o, makplɔ wo vɛ na mi, ne miawɔ nusi mielɔ̃ la, ɖe wo ŋu faa; ɖeko migawɔ nu baɖa ɖe ŋutsu siawo ŋu o, elabena esiata wova dze gbɔnye ɖo.


Yakob ɖo ŋu nɛ bena: Gbeɖe! Ne ave nunye la, ekema xɔ nye nunana la! Elabena mekpɔ wò ŋku me abe Mawu ƒe ŋku mee mekpɔ ene, eye nève nunye.


Esi wòyina eku ge la, eyɔe ɖagblɔ bena: Taflatse, ɖi abolo kakɛa ɖe ɖe asi vɛ nam.


Wein doa dzidzɔ na amagbetɔ ƒe dzi, eye wònana eƒe mo zrɔ̃na lãlãlã wu ami; ke abolo doa ŋusẽ amegbetɔ ƒe dzi.


Elabena kpɔ ɖa, Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, aɖe atizɔti kple ziɔɖeŋu ɖa le Yerusalem kple Yuda, abolo ƒe xɔnamewo katã kple tsi ƒe xɔnamewo katã,


Na miaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí!


Tete Manoax gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la bena: Na míasika wò ɖi, ne miaɖa gbɔ̃via de aɖo akɔwò me.


Yehowa ƒe dɔla la ɖo ŋu na Manoax bena: Ne èsikam ɖi hã la, nyemele wò abolo ɖu ge o; ke nenye numevɔ nèbe, yeasa la, ekema sae na Yehowa! Ke Manoax medze sii bena, Yehowa ƒe dɔla wònye o.


Esi wofɔ le ŋkeke eneagbe, be yewoadze mɔ la, ɖetugbi la fofo gblɔ na toa bena: Di nuɖuɖu via ɖe ɖe dɔ me, hafi miadze mo!


Megadzo le afisia o, vaseɖe esime matsɔ nye vɔsanu aɖo akɔwòme hafi! Eɖo ŋu be: Manɔ anyi, vaseɖe esime natrɔ agbɔ.


Tete Gideon yi ɖawu gbɔ̃tsuvi ɖeka, eye wotsɔ wɔ eta ɖeka tɔ tatali maʋamaʋã; efɔ lã la ɖe golo me, eye woku detsitsi la de kutu me hetsɔ va egbɔ le logoti la te, eye wòtsɔe ɖo ekɔme.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa