Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 18:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye wògblɔ be: Aƒetɔ, megabi dzi o loo, ne magaƒo nu zi ɖeka pɛ ko. Ɖewohĩ woakpɔ ame ewo le eme. Eɖo ŋu nɛ be: Le ame ewo ta nyematsrɔ̃ wo o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, “O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia pɛ koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo pɛ ko nàkpɔ ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema le ame ewo mawo ta la, nyematsrɔ̃ du la o.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 18:32
21 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, megabi dzi be, megale nu ƒo ge o loo! Ɖewohi woakpɔ ame blaetɔ̃ le eme. Eɖo ŋu nɛ bena: Ne makpɔ ame blaetɔ̃ le eme la, nyemawɔe o.


Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, medo dzi be, maƒo nu kpli wò Aƒetɔ. Ɖewohi woakpɔ ame blave le eme. Eɖo ŋu nɛ be: Le ame blave ta nyematsrɔ̃ wo o.


Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be: Taflatse, nye aƒetɔ! Na wò dɔla naƒo nu kple nye aƒetɔ, eye megabi dzi ɖe wò dɔla ŋu o; elabena èle abe Farao ene.


Ke ne dɔla ɖeka, si nye nyaxɔlaɖakɔtɔ, tso akpewo dome la va, be yeaɖe nusi nye amegbetɔ ƒe dɔ la afiae,


Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.


Eye Yehowa ɖe asi le vɔ, si wòɖo ɖe eƒe dukɔ ŋuti la ŋu.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa enye ŋunyɔ na Yehowa: ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Alesi ne wokpɔ tsi le weintsetse me wogblɔna be: Migagblẽe o, elabena yayra le eme la, nenemae mawɔ, eye nyemagblẽ wo katã o, le nye dɔlawo ta;


Miyi ɖatsa le Yerusalem ƒe kpɔdomeewo, mikpɔ nu, eye midze si nu, midi nu gɔme se le eƒe ablɔwo me, be míakpɔ amea ɖe loo, alo amea ɖe li, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòbiaa nyateƒe ta sena hã, ekema màtsɔe akee.


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


Mibia, eye woana mi; midi, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi;


Ke amesi tea ŋu wɔna wua nusianu geɖe wua nusiwo katã míebiana alo míedzea si le ŋusẽ, si le dɔ wɔm ŋusẽtɔe le mía me nu la,


Eye Gideon gblɔ na Mawu bena: Taflatse, megado dɔmedzoe ɖe ŋunye be, megale nu ƒo ge fifia o! Na magatsɔ alẽgbalẽ la atee akpɔ zi ɖeka! Alẽgbalẽ la ɖeɖeko nanɔ ƒuƒuie, ke zãmu naƒo anyigba blibo la dzi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa