Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 18:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 18:25
35 Mawu Ofanana  

Ɖewohi ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ anɔ dua me; ɖe àtsrɔ̃e, eye màtsɔe ake teƒe la le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃, siwo le eme la ta o mahã?


Ekema avemetiwo atso aseye le Yehowa ŋku me, elabena egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba!


Eyata Yehowa ƒe ŋɔdzi nelé mi, eye mikpɔ nyuie le miaƒe nuwɔwɔwo me, elabena le Yehowa, mia Mawu gbɔ la, nu madzɔmadzɔ wɔwɔa ɖeke, amedzidedea ɖeke alo zãnuxɔxɔa ɖeke meli o!


Tɔwò dzɔ le nusiwo katã va mía dzi la me, elabena èwɔe ɖe eteƒe, ke míawo míewɔ nu tovo.


Eyata, mi ŋutsu nunyalawo, milé to ɖe ŋunye! Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ;


Nyateƒee, Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi o, eye ŋusẽkatãtɔ la metea nya dzɔdzɔe ɖe to o.


Kpɔ ɖa, Mawu medoa vlo mawuvɔ̃lawo o, eye meléa nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi o.


Ɖe Mawu atrɔ gbo nya dzɔdzɔea? Eye ɖe ŋusẽkatãtɔ atrɔ gbo dzɔdzɔenyenyea?


Dziƒowo ɖe gbe ƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la.


Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ, elabena ele hlɔ̃biabia kpɔm, eye aklɔ eƒe afɔwo ɖe eme vɔ̃ɖi ƒe ʋu me.


Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe kple Mawu, si dzi kuna daa.


Elabena ne ɣeyiɣi, si meɖo, de la, madrɔ̃ nɔnu ɖe eteƒe.


Wò anyigba ƒe ʋɔnuɖrɔ̃la, kɔ ɖokuiwò dzi, eye naɖo dadalawo ƒe nuwɔwɔ teƒe na wo!


le Yehowa ŋku me, elabena egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba! Aɖrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eteƒe.


Tete megblɔ le nye dzi: me be: Mawu le ʋɔnu drɔ̃ ge ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃diwo, elabena eɖo azã na tameɖoɖowo katã kple nuwɔwɔwo katã.


Nusiwo katã mekpɔ le nye agbe me ŋkeke ƒuƒluawo me la, enye esi: Ame dzɔdzɔea ɖewo tsrɔ̃na ɖe woƒe dzɔdzɔenyenye me, eye ame vɔɖia ɖewo nɔa agbe ɖiɖie ɖe woƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ me.


Ke wò Yehowa Zebaot, amesi drɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe, eye nèdoa ayikuwo kple dziwo kpɔna la, na makpɔ wò hlɔ̃biabiawo ɖe wo ŋu, elabena asiwò me metsɔ nye nya ɖee.


Yehowa, ne meɖe, mahe nya kpli wò la, towo dzɔna, gake maɖi ʋɔnu kpli wò. Nukata ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo, eye eme nyona na ame tovowo katã ɖo?


Ke miele gbɔgblɔm be: „Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o.“ Israel ƒe aƒe, misee: Nye nuwɔnae mele eteƒe oa? Ɖe menye miawo boŋ ƒe nuwɔnae mele eteƒe oa?


Emegbe miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.


Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua?


Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


Eye mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ɣemaɣi bena: Mibia nya ta mia nɔviwo se, eye midrɔ̃ ʋɔnu na amesiame kple nɔvia kpakple amedzro nyuie.


Migakpɔ ame ŋku me le ʋɔnudrɔ̃ƒe o, ke boŋ milé to ɖe ame gblɔewo kple ame gãwo ƒe nyawo ŋu, eye migasi amea ɖeke ŋku me o, elabena Yehowa tɔ enye ʋɔnudɔdrɔ̃; ke ne nyaa ɖe sesẽ na mi akpa la, ekema mitsɔe va gbɔnye, ne mase.


Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzo. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.


kple ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame kple ʋɔnudrɔ̃la, si nye wo katã ƒe Mawu kple ame dzɔdzɔe, siwo wowɔ blibo la, ƒe gbɔgbɔwo,


Nyemeda voa ɖeke ɖe ŋuwò, hafi wòa nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖe ŋunye hehe, yeawɔ aʋa kplim o. Yehowa, nye ʋɔnudrɔ̃la, nadrɔ̃e na Israel-viwo kple Amon-viwo egbea!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa