Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 18:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Esi wòfɔ mo te la, kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ le tsitre le eŋgɔ ɖa; eye esi wòkpɔ wo ko la, eƒu du tso eƒe agbadɔ nu yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna egbɔ. Etsi tsitre enumake, ƒu du yi ɖakpe wo, eye wòdo dzaa na wo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 18:2
23 Mawu Ofanana  

Tete Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu ƒo nu kplii bena:


Esia megbe la ŋutsuawo dze mɔ tso afima, eye wokpɔ Sodom le abu me ɖa; ke Abraham yi kpli wo, be yeaɖo wo ɖa.


Esia megbe la ŋutsuawo trɔ yi Sodom; ke Abraham gatɔ ɖe Yehowa gbɔ ko.


Tete wògblɔ bena; Aƒetɔ, ne eve nunye la, ekema megato wò dɔla ŋu yi o.


Mawudɔla eveawo va ɖo Sodom le fiẽ me, eye Lot bɔbɔ nɔ Sodom gbɔ nu. Ke esi Lot kpɔ wo la, etsi tre yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi.


Tete Abraham bɔbɔ na duametɔwo,


Tete Abraham tsi tre, eye wobɔbɔ na anyigbadzitɔ, siwo nye Xitiviwo,


Gbe ɖeka Isak yi gbe me le fiẽ, be wòado gbe ɖa. Eye esi wòfɔ mo te la, ekpɔ kposɔwo gbɔna ɖa.


Eye esi wòna woɖe tsi wo kple nusiwo katã le esi, yi ɖe tɔa godo la,


Eye Yosef, si enye anyigba dzi ɖula la, dzra bli na anyigbadzitɔwo katã. Esi Yosef nɔviwo va, eye wodze klo de ta agu nɛ la.


Esi Yosef va aƒea me la, wotsɔ nunana, si wotsɔ vɛ la, yi ne, eye wodze klo de ta agu nɛ.


Woɖo ŋu bena: Wò dɔla, mía fofo le sesĩe, eye wogale agbe, Tete wodze klo tsyo mo anyi nɛ.


Eye esi Yuda kple nɔviawo va Yosef ƒe me la, Yosef gale afima ko — tete wodze klo ɖe ta agu nɛ.


Emegbe Yosef ɖe wo ɖa le eƒe ata dzi, eye wòdze klo de ta agu.


Esi nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃vi, siwo le Yerixo, kpoe le adzɔge la, wogblɔ be: Eliya ƒe gbɔgbɔ le Elisa dzi. Eye woyi ɖakpee hede ta agu nɛ.


Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãtuame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!


Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o.


Esi Yosua le Yerixo gbɔ, eye wòfɔ ko dzi la, ekpɔ ŋutsua ɖe ɖi yi ɖe asi, le tsitre ɖe eŋgɔ. Tete Yosua zɔ ɖe edzi biae bena: Mía dzi nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea?


Milɔ̃ amedzrowɔwɔ na mia nɔewo, eye liʋiliʋilili naganɔ me o.


Tete Yehowa ƒe ɖɔla ɖe eɖokui fia nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ètsi ko, eye mèdzi vi o: gake èle fu fɔ ge àdzi ŋutsuvi.


Tete wòɖe ta agu hegblɔ nɛ bena: Aleke nève nunye, eye nèbu nye amesi nye amedzro la ale gbegbe?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa