Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 18:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye Yehowa gblɔ bena: Ɖe maɣla nusi wɔ ge mala la, ɖe Abraham,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Yehowa gblɔ le eɖokui me be, “Ɖe maɣla nye ɖoɖowo ɖe Abraham mahã?

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 18:17
10 Mawu Ofanana  

Eyata maɖi ayi, ne makpɔ bena, nya, siwo katã sem mele le wo ŋuti la, le eme loo, alo mele eme o, ne manya.


Esia megbe la ŋutsuawo trɔ yi Sodom; ke Abraham gatɔ ɖe Yehowa gbɔ ko.


Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom-dua me la, ekema màtsɔe ake teƒe blibo la le woawo la.


Eye Yehowa na aŋɔ kple dzo dza tso dziƒo tso Yehowa gbɔ ɖe Sodom kple Gomora dzi.


Eye wòyi Mawu ƒe ame la gbɔ le toa dzi helé eƒe afɔwo. Tete Gexazi va, be yeafee da; ke Mawu ƒe ame la gblɔ bena: Ɖe, asi le eŋu, elabena eƒe dzi le nu xam, gake Yehowa ɣlae ɖem, eye meɖee fiãm o.


Ɖe menye wò, mía Mawue, nyã anyigba sia dzi nɔlawo ɖa le wò dukɔ Israel ŋgɔ, eye nètsɔe na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo tegbee oa?


Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.


Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.


Nyemagayɔ mi be dɔlawo o, elabena dɔla menyaa nusi eƒe aƒetɔ wɔna o; ke meyɔ mi be xɔlɔ̃wo, elabena nusiwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.


Eye ale wowu ŋɔŋlɔ, si gblɔ bena: „Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui nɛ dzɔdzɔenyenye la“ nu enye esi, eye wòyɔe be Mawu xɔlɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa