Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 18:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Esia megbe la ŋutsuawo dze mɔ tso afima, eye wokpɔ Sodom le abu me ɖa; ke Abraham yi kpli wo, be yeaɖo wo ɖa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Le esia megbe la, ameawo dze mɔ ɖo ta Sodom, eye Abraham dze wo yome ɖaɖo wo ɖa.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 18:16
9 Mawu Ofanana  

Tete Sara sẽ nu gblɔ bena: Nyemeko nu o; elabena ele vɔvɔ̃m. Ke egblɔ ne bena: O, èko nu tso!


Esi wòfɔ mo te la, kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ le tsitre le eŋgɔ ɖa; eye esi wòkpɔ wo ko la, eƒu du tso eƒe agbadɔ nu yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi.


Esia megbe la ŋutsuawo trɔ yi Sodom; ke Abraham gatɔ ɖe Yehowa gbɔ ko.


Mawudɔla eveawo va ɖo Sodom le fiẽ me, eye Lot bɔbɔ nɔ Sodom gbɔ nu. Ke esi Lot kpɔ wo la, etsi tre yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi.


Azɔ woawo la, esi hame la dɔ wo ɖa la, woto Foinike kple Samaria hele trɔ̃subɔlawo ƒe tɔtrɔŋutinya xlẽm fia. Eye wòzu dzidzɔ gã na nɔviawo katã.


hele nu xam, vevietɔ le nya, si wògblɔ bena, womegale yeƒe ŋku me kpɔ ge akpɔ o la ŋuti. Eye woɖoe ɖa vaseɖe ʋua me.


Eye wòva me bena, esi míewu ŋkekeawo nu vɔ la, miedzo, eye mieyi miaƒe mɔzɔzɔ la dzi, eye wo katã kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo ɖo mí ɖa, vaseɖe esime miedo go le dua me; eye míedze klo ɖe ƒuta hedo gbe ɖa;


gbesigbe ke madze mo ayi Spania la, mava mia gbɔ; elabena mele mɔ kpɔm bena, ne mele afima mɔ tom la, mava kpo mi ɖa, eye miaɖom ɖa ayi afima, ne mia kpɔkpɔ naɖi ko nam ʋee hafi.


amesiwo va ɖi ɖase le wò lɔlɔ̃ ŋuti le hame la ƒe ŋku me, eye ne èɖo wo ɖa alesi dze Mawu ŋu la, ekema èwɔe nyuie.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa