Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 18:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye Abraham kple Sara wotsi xɔ ƒe geɖe ŋutɔ, ale bena Sara megaléa gbe gɔ̃ hã o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 18:11
14 Mawu Ofanana  

Tete Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu, elabena esusu le eƒe ta me bena: Alo ɖe wòadzi vi na ŋutsu, si xɔ ƒe alafa ɖeka laa? Alo ɖe Sara, si xɔ ƒe blaasieke la, agate ŋu adzi vi mahã?


Abraham xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke, hafi wotso aʋa nɛ,


Eye wògblɔ bena: Ameka susu le Abraham ŋuti bena, Sara ana no viwò mahã? Elabena medzi ŋutsuvi nɛ le eƒe amegãkuku me.


Eye Abraham tsi xɔ ƒe geɖe, eye Yehowa yra Abraham le nuwo katã me.


Eye nye aƒetɔ srɔ̃, Sara, dzi ŋutsuvi nanye aƒetɔ, esime woku nyagã, eye nye aƒetɔ tsɔ eƒe kesinɔnuwo katã na via.


Eye wògblɔ na fofoa bena: Nye aƒetɔ, megabi dzi be, nyemate ŋu atsi tre o, elabena mekpɔ dzinu! Eye wódii gadu, ke mekpɔ aklama kpakpɛawo o.


Ne nyɔnua ɖe kpɔ dzinu, eye ʋu le dodom le eƒe nyɔnu me la, ekema eŋu mekɔ o ŋkeke adre, eye amesiame, si ka asi eŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Eye Zaxarya gblɔ na dɔla la bena: Nuka me madze si nusia le mahã? Elabena nye la amegã ɖeɖi menye, eye srɔ̃nye hã xɔ ƒe geɖe.


Eye kpɔ ɖa, Elisabet, wò ƒometɔ la, fɔ fu le ŋutsuvi dzi ge le eƒe nyagãkuku me, eye ɣleti sia enye adelia na eya, amesi woyɔna be konɔ.


Ke vi mele wo si o, elabena Elisabet tsi ko, eye woa kple eve la siaa woxɔ ƒe geɖe.


elabena esusu bena, ŋusẽ le Mawu si be, wòafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ke hã; eyaŋuti wògaxɔe le tsɔtsɔna sia ta.


Esi Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la, Yehowa gblɔ nɛ bena: Etsi, eye nèxɔ ƒe geɖe; anyigba geɖe kpɔtɔ womexɔ haɖe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa