Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 18:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae le Mamre ƒe ati gãwo gbɔ, le esime wòbɔbɔ nɔ eƒe agbadɔ nu le ŋdɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Yehowa gaɖe eɖokui fia Abraham esime Abraham nɔ ati gãwo te le Mamre. Le dzomeŋɔli ƒe ɣetrɔ aɖe, esime xexea me xɔ dzo la, Abraham nɔ eƒe agbadɔ ƒe mɔnu.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 18:1
17 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.


Eye Abram le eƒe agbadɔ hom le tutum, le ŋgɔgbe yimii, eye wòva nɔ Mamre ƒe ati gã gbɔ le Xebron-nutowo me, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Tete amea ɖe si va gblɔe na Hebritɔ Abram, si le Amoritɔ Mamre, Eskol kple Aner nɔvi ƒe ali gãwo te la. Ame siawoe bia nu kple Abram.


Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Esi Mawu wu eƒe nuƒoƒo nu kplii la, edzo yi dzi le Abraham gbɔ.


Esia megbe la ŋutsuawo trɔ yi Sodom; ke Abraham gatɔ ɖe Yehowa gbɔ ko.


Eye Abraham ʋu le afima yi ɖe dziehenyigba dzi heva nɔ Kades kple Sur dome, eye wònɔ Gerar vie?


Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ bena: Megayi Egipte o, ke boŋ na anyigba, si mafia wò la dzi!


Eye Yakob va fofoa Isak gbɔ le Mamre le Kiryat-Arba, esia nye Xebron, afisi Abraham kple Isak wonye amedzrowo le.


Eye Yakob gblɔ na Yosef bena: Mawu ŋusẽkatãtɔ la ɖe eɖokui fiãm le Lus le Kanaan-nyigba dzi, eye wòyram


Eye Mawu ɖe eɖokui fia Salomo le zã ma me gblɔ nɛ bena: Bia nusi mana wo!


Mose do ŋu gblɔ bena: Ne womexɔ nye nya dzi se o, eye womeɖo to nye gbe o, ke boŋ wogblɔ bena: Yehowa mede eɖokui fia wò o ɖe?


Eye eya gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to! Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mía fofo Abraham, esime wòle Mesopotamia, hafi wòva nɔ Xaran,


Le xɔse me wònye amedzro le ŋugbedodonyigba dzi abe dzronyigba ene, eye eya kple Isak kpakple Yakob, amesiwo nye ŋugbedodo kema ke ƒe hadomenyilawo la, wonɔ agbadɔwo me;


Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o.


Esi Yosua le Yerixo gbɔ, eye wòfɔ ko dzi la, ekpɔ ŋutsua ɖe ɖi yi ɖe asi, le tsitre ɖe eŋgɔ. Tete Yosua zɔ ɖe edzi biae bena: Mía dzi nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa