4 Kpɔ ɖa, mebia nu kpli wò, eye nazu dukɔ geɖewo fofo.
4 “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wò: ànye dukɔ geɖewo fofo.”
Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.
Eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene ale be, ne amea ɖe ate ŋu axlẽ ʋuʋudedi la, eya koe ate ŋu axlẽ wo dzidzimeviwo hã.
Eye Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ bena: Mawɔ wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ŋutɔ, ale bena le woƒe agbɔsɔsɔ ta womate ŋu axlẽ wo o.
eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.
Eye Yehowa gblɔ nɛ bena; Dukɔ evee le wò dɔ me, eye dukɔ eveawo amã atso wò dɔ me ke; dukɔ ɖeka asesẽ awu ɖeka, eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ!
Mawu ŋusẽkatãtɔ nayra wo, eye wòana nadzi asɔ gbɔ ɖe dzi, bena natrɔ azu dukɔ geɖe.
Meɖe kuku, ɖem tso nɔvinye si me, tso Esau si me; elabena mele evɔ̃m be, ava dze dzinye, eye wòaɖe zi dadawo kple viwo dome.
Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ, àdzi, eye nasɔ gbɔ; anye dukɔ kple dukɔhawo ƒe fofo, eye fiawo adzɔ atso mewò.
Ke fofoa gbe, eye wògblɔ bena: Menyae, vinye, menyae! Eya hã ava nye dukɔ, eye wòasẽ ŋu. Gake nɔvia ɖevitɔa asẽ ŋu awui, eye eƒe dzidzimeviwo anye dukɔ gã.
Mebia nu kpli wo be, matsɔ Kanaan-nyigba, si dzi wonye amedzrowo le la, ana wo wòanye wo tɔ.