Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 17:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Gbemagbe tututu Abraham tso via Ismael kple amesiwo katã wodzi le eƒe me, kple eƒe kluviwo, ŋutsu sia ŋutsu, si le Abraham ƒe me la ƒe aʋanuyiwo ɖa, abe alesi Mawu gblɔ nɛ ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Gbe ma gbe ke la, Abraham tso aʋa na via, Ismael kple ŋutsuvi bubu ɖe sia ɖe si wodzi ɖe eƒe aƒe me alo ƒle kple ga va eƒe aƒe me abe ale si Mawu ɖo nɛ ene.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 17:23
16 Mawu Ofanana  

Azɔ esi Abram se bena, woɖe aboyo nɔvia la, eɖe eƒemevi alafa etɔ̃ kple wuienyi, amesiwo nya aʋawɔwɔ la, eye wòti wo yome vaseɖe Dan.


Eye Mawu gblɔ na Abraham bena: Ke wò la lé ye nubabla la me ɖe asi; wò ŋutɔ kple megbewòviwo katã milé ye nubabla la me ɖe asi!


Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.


Tete amesiwo katã va ƒo ƒu ɖe dua ƒe agbo nu la, ɖo to Xamor kple via Sixem, eye dua me ŋutsuwo katã tso aʋa.


Mewɔ kaba, be malé ŋku ɖe wò seawo ŋn, eye nyemalala o.


Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nuka dzi ge etsɔ ala o.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Amesia dim Paulo le bena, woakpe ɖe ye ŋuti, eye wòtso aʋa nɛ le Yudatɔ, siwo le afima nutoawo me la ta; elabena wo katã wonyae bena, fofoa nye Helatɔ.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso kple aʋamatsomatso siaa menye naneke o, ke nuwɔwɔ yeye boŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa