2 Eye nye nubabla nanɔ mia kpli wò dome, eye mana nasɔ gbɔ ɖe edzi.
2 Maɖo kpe nubabla si le nye kpli wò dome la dzi, eye miadzi ɖe edzi fũu.”
Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.
Eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene ale be, ne amea ɖe ate ŋu axlẽ ʋuʋudedi la, eya koe ate ŋu axlẽ wo dzidzimeviwo hã.
Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana:
Eye wòkplɔe yi ɖe xexe gblɔ nɛ bena: Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne ate ŋu axlẽ wo la. Eye wògblɔ nɛ bena: Nenema wò ƒome anɔ.
eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.
Mawu ŋusẽkatãtɔ nayra wo, eye wòana nadzi asɔ gbɔ ɖe dzi, bena natrɔ azu dukɔ geɖe.
Kpɔ ɖa, mebia nu kpli mi kple míaƒe dzidzimeviwo
Gake Yehowa ve wo nu, ekpɔ woƒe nublanui, eye wòtrɔ ɖe wo ŋu le nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la ta, eye meɖi be, yeagblẽ wo o, eye meɖe woɖa le eƒe ŋkuta o vaseɖe fifi.
nusi wòbla kple Abraham kple atam, si wòka na Isak,
Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.
amesiwo nye Israeltɔwo, amesiwo to nye vinyenye la kple ŋutikɔkɔe la kple nubablawo kple senana la kple mawusubɔsubɔ la kpakple ŋugbedodoawo;