18 Eye Abraham gblɔ na Mawu bena: Ismael netsi agbe na wò ko!
18 Abraham gblɔ na Mawu be, “Meɖe kuku, yra Ismael nam ko!”
Tete Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu, elabena esusu le eƒe ta me bena: Alo ɖe wòadzi vi na ŋutsu, si xɔ ƒe alafa ɖeka laa? Alo ɖe Sara, si xɔ ƒe blaasieke la, agate ŋu adzi vi mahã?
Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee.
Ke nya la medze Abraham ŋu o le viaŋutsu la ta.
Ne eŋlɔ anyigba la, megale nu ʋẽ ge na wò o; tsatsala kple godzela nanye le anyigba dzi!
Wòe nyãm egbe tso agbledenyigba la dzi; madzo le wò ŋkuta anye tsatsala kple godzela le anyigba dzi, eye ava me bena, amesiame, si akpɔm la, awum.
Misa dzɔdzɔenyenyevɔ, eye miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu!
Esia me menyae le be, nye nu nyea ŋuwò, ne nye futɔ magatso aseye ɖe ŋunye o.
ke boŋ miaƒe vodadawoe klã mia kple miaƒe Mawu dome, eye miaƒe nuvɔ̃woe na be, wòɣla ŋku me ɖe mi, be magaɖo to mi o.
Mana dzi ɖeka kple mɔ ɖeka wo, ne woavɔ̃m ɣeawo katã ɣi hena woawo ŋutɔ kple wo megbeviwo ƒe nyuie.
Elabena mia kple mia viwo kple amesiwo katã le adzɔge kple ame geɖe alesi nu Aƒetɔ, mia Mawu la, ayɔ vɛ la, tɔe nye ŋugbedodo la.