1 Mose 17:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191317 Tete Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu, elabena esusu le eƒe ta me bena: Alo ɖe wòadzi vi na ŋutsu, si xɔ ƒe alafa ɖeka laa? Alo ɖe Sara, si xɔ ƒe blaasieke la, agate ŋu adzi vi mahã? Onani mutuwoAgbenya La17 Esi Abraham se nya siawo la, etsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, “Ɖe nye ame si xɔ ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si xɔ ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?” Onani mutuwo |