16 Abram xɔ ƒe blanyi vɔ ade, esime Hagar dzi Ismael nɛ.
16 Abram xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ade esi Hagar dzi Ismael nɛ.
Tete Abram ʋu, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene, eye Lot hã yi kplii. Abram xɔ ƒe blaadre vo atɔ̃, esime wòʋu tso Xaran.
Eye Hagar dzi ŋutsuvi na Abram, eye Abram tsɔ ŋkɔ na ŋutsuvi, si Hagar dzi nɛ la, be Ismael.
Le Abram ƒe Kanaan-nyigba dzi nɔnɔ ƒe ewo megbe la, Sarai, Abram srɔ̃, tsɔ eƒe kosi, Egipte-nyɔnu Hagar, na srɔ̃a Abram wòɖe.
Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo!
eye via Ismael xɔ ƒe wuietɔ̃ hafi wotso aʋa nɛ.
Ke Abraham xɔ ƒe alafa ɖeka, esime wodzi via Isak nɛ.
Ismael ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blave vɔ adre, eye wòku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.