Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 15:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Lé nyinɔ, si xɔ ƒe etɔ̃, gbɔnɔ, si xɔ ƒe etɔ, agbo, si xɔ ƒe etɔ̃, akpakpa kple ahɔne ve nam!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Eɖo eŋu nɛ gblɔ be, “Tsɔ nyinɔ si xɔ ƒe etɔ̃, gbɔ̃nɔ si xɔ ƒe etɔ̃, agbo si xɔ ƒe etɔ̃, akpakpa kple ahɔnɛ siwo metsi o la vɛ.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 15:9
18 Mawu Ofanana  

Tete wotsɔ nu siawo katã vɛ nɛ hefe wo me, eye wòɖo akpa afafãawo ɖe agbaka eve me ɖewo nɔewo gbɔ; ke mefe xeawo ya me o.


Ke egblɔ nɛ bena: Aƒetɔ Yehowa, nuka me madze sii le bena, màtsɔe anyi domee mahã?


Tete Abraham fɔ kɔ dzi, eye kpɔ ɖa, agboa ɖe nye ekem, si ƒe dzowo ku aveka le emegbe, eye Abraham yi ɖalé agbo la hetsɔ mè nui ɖe via teƒe.


Miƒo nye mawumeme, siwo bla nu kplim ɖe akpedavɔsa dzi la, nu ƒu nam!


Seƒoƒowo ɖo ɖe anyigba dzi, weinkawo ŋu ɖeɣi ɖo, eye wole akpakpa ƒe xɔxlɔ sem le míaƒe anyigba dzi.


Nye dzi le nu xam ɖe Moab ŋu, eya, si ƒe amewo si de Zoar kple Eglat etɔ̃lia ke; elabena wole avi fam le Luxit-to dzi mɔ la dzi; elabena konyifaɣli le ɖiɖim le wo ŋu le Xoronayim-mɔta.


Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòbe, yeatsɔ amè numevɔsae la, ekema woatso atsu, si so blibo, asa vɔ lae.


Ke nenye xewo wòbe, yeatsɔ asa vɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi asa vɔ lae.


Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.


Nenye ŋutsuvi alo nyɔnuvie, eye ŋkekeawo de eŋu ko la, ekema wòalé alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, woawo numevɔsae, kple ahɔnevi alo akpakpa woawɔ nuvɔ̃vɔsae, avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve vɛ; ɖeka woawo numevɔsae, eye ɖeka woawo nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.


kpakple akpakpa eve alo ahɔnevi eve, esi ke woate ŋu anya na ko; woatsɔ ɖeka asa fɔɖivɔe, eye woatsɔ evelia asa numevɔe.


Emegbe wòawɔ akpakpa alo ahɔnevi, siwo ke ame la te ŋu na la, dometɔ ɖeka ŋu ɖɔ;


Ne ebe, yeatsɔ nyi asa akpedavɔe la, ekema wòatsɔ esi sɔ blibo, eɖanye atsu alo nɔ o, asa vɔ lae na Yehowa.


Nenye alẽ wòbe, yeatsɔ asa akpedavɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ esi sɔ blibo, eɖanye atsu alo nɔ o, asa vɔ lae.


eye wògblɔ na Aron bena: Lé nyitsuvi woawo nuvɔ̃vɔsae kple agbo woawɔ numevɔsa; woa kple eve la nasɔ blibo, eye nakplɔ wo ava Yehowa ƒe ŋku me.


nyi kple agbo ɖeka woawɔ akpedavɔsae; eye miawu wo le Yehowa ƒe ŋku me, eye miatsɔ nuɖuvɔsa, si wode amii vɛ, elabena egbea Yehowa aɖe eɖokui afia mi.


eye be woana numeme, abe alesi wogblɔ le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: „Akpakpa eve alo ahɔ̃nevi eve.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa