Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.
Eye esi wòva egodo le Gadaratɔwo ƒe anyigba dzi la, ame eve, siwo me gbɔgbɔ vɔwo le, eye adã le mo na wo ŋutɔ, ale bena amea ɖeke metea ŋu toa afimamɔ o la, do go tso yɔdowo me va kpee.