Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 15:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete Abram gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, esi vikoe le wɔyem, eye ye nuwo domenyila enye Damaskotɔ Eliezer la, nuka gɔ̃ natsɔ nama?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Ke Abram gblɔ be, “O, Aƒetɔ Yehowa, nu ka nàte ŋu anam esi vi mele asinye o, eye ame si anyi nye domee nye Eliezer tso Damasko?”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 15:2
21 Mawu Ofanana  

Eye eya ŋutɔ kple eƒe ameawo dze aʋa va fiti wo le zã me hesi wo, eye wonyã wo vaseɖe Xoba le Damasko ƒe anyiehe.


Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Eye Abram gblɔ bena: Mèna vim o, eye kpɔ ɖa, nye aƒedzikpɔla anyi ye dome.


Tete dɔla la ɖe kposɔ ewo tso eƒe aƒetɔ ƒe kposɔwo dome, eye wotsɔ eƒe aƒetɔ ƒe nu vevi vovovowo ɖe asi, eye wòdze mɔ heyi Mesopotamia, ɖe Naxor ƒe ɖu la me.


Eye Abraham gblɔ na eƒe dɔla tsitsitɔ, si kpɔa eƒe nuwo katã dzi bena. Tsɔ wò asi ɖo nye ali me,


Ke Isak, ƒo koko na Yehowa le srɔ̃a ta, elabena etsi ko. Eye Yehowa ɖo to eƒe kokoƒoƒo la, eye srɔ̃a Rebeka fɔ fu.


Amea ɖeke meɖe nunye le aƒe sia me o, eye womeɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?


Eye wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu le xɔa ƒe mo nu, eye woƒo nu kplii gblɔ bena:


Emegbe la ede se na eƒe aƒe dzikpɔla bena: De bli ŋutsuawo ƒe kotokuwo me taŋ, alesi nu anya tsɔ na wo, eye natsɔ amesiame ƒe ga ada ɖe blia dzi le kotokua me.


Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.


Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi; ke didi, si va me la, agbeti wonye.


Kluvi nyanu aɖu amegã ɖe aƒevi ŋukpenanuwɔla dzi, eye eya kple nɔviawo anyi dome.


Nya ɖe Damasko ŋu: Kpɔ ɖa, woaɖe Damasko ɖa maganye du azɔ o, eye wòatrɔ zu anyiglãgo.


Mana ŋkuɖodzinu kple ŋkɔ, siwo nyo wu ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo la wo ɖe aƒenye me kple nye gliwo me; ŋkɔ mava, si metsrɔ̃na o la, mana amesiawo tɔgbe.


Ɖe Damasko ŋu: Ŋu kpe Xamat kple Arpad; elabena wose nya vɔ̃, eye dzi ɖe le wo ƒo; ŋɔdzi le atsiaƒu nu, womate ŋu agbɔ ɖe eme o.


eye mena domenyinyia ɖekee ɖe edzi o, menye afɔ ɖeka ƒe kekeme hã o; eye wòɖo ŋugbe bena, yeatsɔe anae wòanye eya kple eƒome, si gbɔna le emegbe la to, esi vi mele esi haɖe o.


Dɔla, si nye nuxalawo dzikpɔla, ɖo ŋu bena: Moab-nyɔnu, si kple Naomi wotso Moab-nyigba dzi vae.


Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa