Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 15:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Hafi wò dzidzime enelia agatrɔ ava afisia, elabena Amoritɔwo ƒe vodada mesɔ gbɔ vɔ haɖe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 15:16
18 Mawu Ofanana  

Yebusitɔwo, Amoritɔwo kple Girgasitɔwo,


Eye wògblɔ na Abram bena: Nyae, naganyae bena, wò dzidzimeviwo anye amedzrowo le anyigbaa ɖe, si menye wo tɔ o la dzi, eye woasubɔ anyigba ma dzi tɔwo, eye woamawo ate wo ɖe anyi ƒe alafa ene sɔŋ.


Emegbe Israel gblɔ na Yosef bena: Mele kuku ge kaba, ke Mawu anɔ anyi kpli mi, eye woakplɔ mi ayi mia togbɛwo ƒe anyigba la dzi.


Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Nye la mele kuku ge; ke Mawu aɖo ŋku mia dzi, eye wòakplɔ mi atso anyigba sia dzi ayi ɖe anyigba, si ŋugbe wodo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Eye wòwɔ ŋunyɔnu geɖe hesubɔ legbawo abe Amoritɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la, pɛpɛpɛ ene.


Esi Yuda-fia Manase wɔ ŋunyɔnu sia, eye wòwɔ nu gbegblẽ wu nusiwo katã Amoritɔwo wɔ le eŋgɔ, eye wòtsɔ eƒe legbawo ble Yuda hã de nuvɔ̃ me la,


Eye wòkplɔ eƒe dukɔ la le dzidzɔ me kple eƒe ame dadawo le aseyetsotso me.


Ƒe siwo katã Israel-viwo no Egipte la, le ƒe alafa ene blaetɔ̃.


Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o!


Egbee mieʋu, le nuŋeɣleti la dzi.


Ne woƒe dziɖuɖu wu nu, eye nu vlo wɔwɔwo nu flɔ la, fia vlo, si dze aɖaŋu la, ado.


Migawɔ nusiawo atsɔ ado ŋunyɔ mia ɖokui o, elabena trɔ̃subɔla, siwo nyã ge mala le mia ŋgɔ la, wɔ nusiawo heɖo ŋunyɔ wo ɖokui,


Ne Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò la, megagblɔ le wò dzi me bena: Esi menye ame dzɔdzɔe ta Yehowa kplɔm yii, bena maxɔ anyigba sia o; evɔ wònye dukɔ siawo ƒe vɔ̃ɖinyenye ta Yehowa nyã wo ɖa le ŋgɔwò ɖo hafi.


Menye esi nènye ame dzɔdzɔe, eye wò dzime kɔ ta nèyina woƒe anyigba xɔ ge wòanye tɔwo ɖo o, ke boŋ dukɔ sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò, bena wòawɔ atam, si wòka na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


esi wòxea mo na mí, bena míagagblɔ nya na trɔ̃subɔlawo, bene woaxɔ wo ɖe agbe o, bene woayɔ woƒe nuvɔ̃wo taŋtaŋ ɖaasi la ŋuti; ke dziku, si ava wo dzi la, yɔ taŋtaŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa