Eye viawo tsoe yi Kanaan, eye woɖii ɖe kpeto, si le Maxpela gble me, le Mamre kasa la me; agble, si Abraham ƒle le Efron Xititɔa si, be wòanye ameɖiƒe nɛ.
Kpɔ ɖa, maɖo wò ɖe fofowòwo gbɔ, eye woaɖi wò ɖe yɔ me le ŋutifafa me, eye wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e, siwo katã mahe ava nɔƒe sia kple eme nɔlawo dzi la ƒe ɖeke o. Eye wohe nya la vɛ na fia la.
Ne amea ɖe dzi vi alafa, enɔ agbe ƒe geɖe, eƒe agbe me ŋkekewo sɔgbɔ, gake meɖi ƒo ɖe nu nyuiawo ŋu o, eye ameɖiƒea ɖeke mesu esi o la, mele gbɔgblɔm be, fu gege nyo wu eyama.
Esi dzidzime mawo katã yi wo tɔgbuiwo gbɔ vɔ la, dzidzime bubu va dzɔ le wo megbe, amesiwo medze si Yehowa o, eye womenya naneke le nusiwo katã wòwɔ na Israel la ŋu o.