Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 15:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Gake hã mava wɔ fu dukɔ, si subɔm wole la, eye le esia megbe la woatsɔ kesinɔnu geɖewo adzoe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Ke mahe to na dukɔ ma si awɔ wo kluviwoe. Emegbe la, woado le dukɔ ma te kple kesinɔnu geɖewo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 15:14
24 Mawu Ofanana  

Emegbe Israel gblɔ na Yosef bena: Mele kuku ge kaba, ke Mawu anɔ anyi kpli mi, eye woakplɔ mi ayi mia togbɛwo ƒe anyigba la dzi.


Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Nye la mele kuku ge; ke Mawu aɖo ŋku mia dzi, eye wòakplɔ mi atso anyigba sia dzi ayi ɖe anyigba, si ŋugbe wodo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Elabena eɖo ŋku eƒe nya kɔkɔe, si wògblɔ na eƒe dɔla Abraham la dzi.


Elabena Yehowa atso na eƒe dukɔ, eye eƒe dɔme atrɔ ɖe eƒe dɔlawo ŋu.


eɖo dzesiwo kple nukunuwo de dowòme, Egipte, ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã ŋu;


Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me!


Le zã titina la Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si le eƒe zi dzi la dzi vaseɖe gatɔ, si le gaxɔ me la, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi.


eyata mele dɔwòm ɖe Farao gbɔ, be nakplɔ nye dukɔ Israel-viwo adzoe tso Egipte.


Eye dukɔ, si woanye kluviwo na la, nye la madrɔ̃ ʋɔnui, Mawue gblɔe. Eye nusiawo megbe la woaɖo go, eye woasubɔm le teƒe sia.


Ke Yehowa ɖe miawo tso aŋɔɖakpo me le Egipte, bena mianye eya ŋutɔ ƒe dukɔ, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


eye Yehowa wɔ dzesi kple nukunu gã dziŋɔwo le Egipte, ɖe Farao kple eƒe aƒe blibo la ŋu miekpɔ;


Ke boŋ Yehowa enye mía Mawu, eyae kplɔ mía kple mia fofowo tso Egipte-nyigba dzi le kluvinyenyeƒe me, eye wòwɔ dzesi gã siawo le mía ŋku me, eye wòkpɔ mia ta le mɔ blibo, si miezɔ heto dukɔ geɖewo dome la dzi.


Esi Yakob va Egipte la, mia fofowo ɖo ɣli na Yehowa, eye Yehowa ɖɔ Mose kple Aron ɖa wokplɔ mia fofowo tso Egipte, eye wona nɔƒe wo ɖe teƒe sia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa