Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 15:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye wògblɔ na Abram bena: Nyae, naganyae bena, wò dzidzimeviwo anye amedzrowo le anyigbaa ɖe, si menye wo tɔ o la dzi, eye woasubɔ anyigba ma dzi tɔwo, eye woamawo ate wo ɖe anyi ƒe alafa ene sɔŋ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Le ŋutega me la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Medi be nànyae kɔtɛe be, woate wò dzidzimeviwo ɖe to abe amedzroviwo ene eye woasubɔ ame mawo le dzronyigba dzi ƒe alafa ene sɔŋ.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 15:13
26 Mawu Ofanana  

Hafi wò dzidzime enelia agatrɔ ava afisia, elabena Amoritɔwo ƒe vodada mesɔ gbɔ vɔ haɖe o.


Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.


Eye wogblɔ na Farao bena: Amedzrowo míenye va afisia na ge; elabena gbe megali na wò dɔlawo ƒe lãwo o, eye dɔwuame nu sẽ ŋutɔ le Kanaan-nyigba dzi. Eyata miede kuku, na wò dolawo nano Gosen-nyigba dzi.


Elabena eɖo ŋku eƒe nya kɔkɔe, si wògblɔ na eƒe dɔla Abraham la dzi.


Tete wotsɔ dzikpɔlawo ɖo wo nu, bena woate wo ɖe anyi, ne woawɔ dɔ sesẽwo; eye wotu nudzraɖoƒewo na Farao, siwo nye Pitom kple Ramses.


Eye Egipte-tɔwo zi Israel-viwo dzi nublanuitɔe, be woawɔ dɔ sesẽ.


Eye dɔ sesẽ wowɔ na agbenɔnɔ ti wo; wonyã anyi, me anyikpe, eye wowɔ agbledɔ ƒomevi vovo vo, siwo wozi wo dzi nublanuitɔe de asi na wo la.


Eye Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi o.


Migase ŋuta le amedzrowo ŋu o, elabena mia ŋutɔwo mienyã, alesi wònɔna na amedzrowo, elabena míenye amedzrowo le Egipte-nyigba dzi kpɔ?


eyata mele dɔwòm ɖe Farao gbɔ, be nakplɔ nye dukɔ Israel-viwo adzoe tso Egipte.


Eyata medo bena, made mi atso Egiptetɔwo ƒe teteɖanyi la me akplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Mía fofowo ʋu va Egipte, eye míenɔ Egipte eteƒe didi; ke Egiptetɔwo sẽ ŋuta le mía kple mía fofowo ŋu.


Ke esi ŋugbedodo ƒe ɣeyiɣi, si dzi Mawu kã ɖo na Abraham ɖo la, dukɔ la dzi, eye wosɔ gbɔ le Egipte,


Ke esia gblɔm mele: Nubabla, si dzi Mawu ɖo kpee ɖi hena Kristo la, se, si wode ƒe alafa ene kple blaetɔ̃ megbe la, mele ŋu tui, bene woaɖe ŋugbedodo la ɖa o.


Eyata milɔ̃ amedzro, elabena miawo hã míenye amedzrowo le Egipte-nyigba dzi kpo.


Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte-nyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu, tso asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kplɔ wò tso afima; eyata Yehowa, wò Mawu, de se na wò be, nadzra dzudzɔgbe la ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa