Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 14:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Le ƒe wuienelia me Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti la, va si Refaitɔwo le Astarot-Kamayim, Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Kiryatayim-gbadzaƒe

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Le ƒe wuienelia me la, Kedolaoma kple fia siwo kpe ɖe eŋu la yi ɖasi Refaimtɔwo le Asterot, Karnaimtɔwo kple Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Save Kiriataim

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 14:5
28 Mawu Ofanana  

Fe wuieve sɔŋ wosubɔ Kedorlaomer; ke le ƒe wuietɔ̃lia me la wodze aglã.


Xititɔwo, Perizitɔwo, Refaitɔwo,


Eye amegã blaetɔ̃awo dometɔ etɔ̃ tso yi Dawid gbɔ le Adulam-do la me le nuŋeŋɔli. Esime Filistitɔwo ƒe adzohawo ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim-bali la me la,


Eye Filistitɔwo va kaka ɖe Refaim-bali la me.


Eye Filistitɔwo gaho heva kaka ɖe Refaim-bali la me


Tatɔwo dometɔ etɔ̃ va Dawid gbɔ le agakpe la dzi le Adulam-mɔ̃ la me, esime Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim-bali la me.


Ke Filistitɔwo va kaka ɖe Refaim-bali la me.


Eye wokpɔ lãnyiƒe dama nyuia ɖe; anyigba la keke le goawo katã me, eye eŋu fa bɔkɔɔ; elabena Xam-viwo nɔ afima tsã.


Eye Israel va Egipte, eye Yakob nye amedzro le Xam-nyigba dzi.


Ewɔ eƒe dzesiwo le wo dome kple nukunuwo le Xam-nyigba dzi.


amesi wɔ nukunuwo le Xam-nyigba dzi kple nu dziŋɔwo le Avaƒu la nu.


Eye wòwu woƒe ŋgɔgbeviwo katã le Egipte, woƒe ŋuse ƒe ŋgɔgbeawo le Xam ƒe agbadɔwo me.


Anɔ abe alesi nuŋela léa ahɔ̃liti, eye eƒe asi ŋea bliwo ene, eye anɔ abe alesi wofaa bli dzɔdzɔe le Refaim-bali me ene.


Ɖe Moab ŋu Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Baba na Neho, elabena wogblẽe! Wòxɔ Kiryatayim, eye ŋukpe lée, wogbã mɔ̃ sesẽ la wòzu ŋukpe!


Kiryatayim, Bet-Gamul kple Bet-Meon dzi,


Eye Ruben-viwo tso Xesbon, Eleale kple Kiryatayim,


le esi wòɖu Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon, kple Og, Basan-fia, si nɔ Astarot dzi, le Edrei megbe.


Og, Basan-fia, enye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi; eƒe gabati, si le Amon-viwo ƒe du Rabat me la, didi ŋutsu ƒe abɔklugui asieke, eye wòkeke abɔklugui ene.


eye metso Gilead ƒe akpa mlɔea kple Basan blibo la, si enye Og ƒe fiaɖuƒe hekpe ɖe Argob-nyigba blibo la ŋu, na Manase ƒe to afã; woyɔa Basan blibo la bena ame dzɔtsuwo ƒe anyigba.


vaseɖe esime Yehowa nana gbɔdzɔe mia nɔviwo abe miawo ke ene, eye woaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le wo na ge le Yordan ƒe go keme dzi, hafi mia dome amesiame nagbugbɔ ava anyigba, si mena mi la dzi.


Megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, mia Mawue le aʋa wɔm na mi!


Hekpe ɖe Og, Basan-fia, amesi nye ame dzɔtsu mlɔea, si nɔ Astarot kple Edrei ƒe anyigba ŋu,


Og, Basan-fia, si ɖu fia le Astarot kple Edrei la, ƒe fiaɖuƒe blibo la: eya nye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi, eye Mose ɖu wo dzi henyã wo.


Kiryatayim, Sibma kple Zeret-Saxar, si le bali me to la dzi,


Eye wotso Gilead afã, Astarot kple Edrei, du, siwo le Og, Basan-fia, ƒe fiaɖuƒe me, na Manase vi, Maxir-viwo ƒe afã.


kpakple nusiwo katã wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo le Yordan godo, siwo nye Sixon, Xesbon-fia, kple Og, Basan-fia, sina Astarot.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa