Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 14:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Azɔ esi Abram se bena, woɖe aboyo nɔvia la, eɖe eƒemevi alafa etɔ̃ kple wuienyi, amesiwo nya aʋawɔwɔ la, eye wòti wo yome vaseɖe Dan.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Esi Abram se be woɖe aboyo Lot la, eƒo ƒu ame alafa etɔ̃ kple wuienyi (318) siwo nye aʋawɔlawo la tso eƒe aƒe me, eye wòkplɔ aʋakɔ la ɖo va se ɖe Dan.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 14:14
26 Mawu Ofanana  

Eye wòwɔ Abram nyuie le eta, eye wotso alẽwo, nyiwo, tedzitsuwo, kluviwo, kosiwo, tedzinɔwo kple kposɔwo nɛ.


Eye Abram kplɔ srɔ̃a Sarai, kple tɔgãyɔvia Lot, eye wotsɔ woƒe kesinɔnuwo katã kple amesiwo katã wokpɔ le Xaran la, eye woʋu, be wòayi Kanaan-nyigba dzi, eye wova Kanaan-nyigba la dzi.


Tete Abram gblɔ na Lot bena: Megana dzre nanɔ mía kpli wò, nye lãnyilawo kple wò lãnyilawo dome o, elabena nɔviwo míenye.


Eye wole Lot, Abram ƒe tɔgãyovi, amesi nɔ Sodom hã, eye woha eƒe kesinɔnuwo dzoe.


Eye wògaxɔ kesinɔnuawo katã kple nɔvia Lot hã le wo si hekpe ɖe eƒe kesinɔnuawo, nyɔnuawo kple ameha la ŋuti.


Eye Abram gblɔ bena: Mèna vim o, eye kpɔ ɖa, nye aƒedzikpɔla anyi ye dome.


Ne ŋutsuvia ɖe xɔ ŋkeke enyi le miaƒe ƒome sia ƒome me la, woatso aʋa nɛ; eɖanye aƒevi alo ame ƒeƒle, si menye tɔwò dzidzia o.


Gbemagbe tututu Abraham tso via Ismael kple amesiwo katã wodzi le eƒe me, kple eƒe kluviwo, ŋutsu sia ŋutsu, si le Abraham ƒe me la ƒe aʋanuyiwo ɖa, abe alesi Mawu gblɔ nɛ ene.


Eye eƒe me ŋutsuwo katã, amesiwo wodzi le eƒe me, kple dzrovi, siwo woƒle kple ga la, wotso aʋa kpe ɖe eŋu.


Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.


Amegã, se mía gbe! Mawu ƒe ame ɖoɖoa nenye le mia dome; ɖi wò ame kuku la ɖe míaƒe ame veviwo ɖiƒe. Mía dometɔa ɖeke magbe bena, megaɖi wò ame kukua ɖe eƒe ameɖiƒe o.


Tete Ben-Hadad ɖo to fia Asa ƒe gbe, eye wòdo eƒe aʋafia ɖo ɖe Israel-duwo me, eye wòsi Iyon, Dan, Abel-Bet-Maaxa kple Kinerot blibo la hekpe ɖe Naftali-nyigba blibo la ŋu.


Aƒetɔ la ƒo nu, eye wòna nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.


Xɔlɔ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.


Meƒle kluvliwo kple kosiviwo, eye esiwo wodzi le aƒe me hã nɔ asinye. Nyihawo kple alẽhawo nɔ asinye taŋ wu amesiwo katã nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam.


woɖe woƒe aʋawɔlawo katã, eye woho, be yewoaɖawɔ aʋa kple Ismael, Netanya vi la, eye woɖatui le tɔ gã, si le Gibeon la to.


Esi Mose lia Nebo-to la hede Pisga tame le Moab-tagba le Yerixo kasa la, Yehowa na wòkpɔ anyigba blibo la tso Gilead vaseɖe Dan,


Viwo, ɣeyiɣi mamletɔe, eye abe alesi miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la, nenema ke Kristo ƒe futɔ geɖewo tsi tre azɔ: eya me míedze sii le bena, ɣeyiɣi mamletɔ lae.


Eye wotsɔ ŋkɔ na du la bena Dan ɖe wo fofo Dan, amesi wodzi na Israel la, ƒe ŋkɔ nu; ke tsã la du la ŋkɔ nye Lais.


Tete Israel-viwo katã ho, eye ameha la kpe ta abe ame ɖeka ene tso Dan vaseɖe Beerseba kple Gilead-nyigba dzi ɖe Yehowa gbɔ le Mizpa.


Woƒe nusiwo katã woɖe aboyo la, dometɔa ɖe ke mekpɔtɔ o, eɖanye ɖevi alo ame tsitsi, ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo o, Dawid xɔ wo katã gbɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa