Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 14:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Tete amea ɖe si va gblɔe na Hebritɔ Abram, si le Amoritɔ Mamre, Eskol kple Aner nɔvi ƒe ali gãwo te la. Ame siawoe bia nu kple Abram.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Ame siwo si la dometɔ ɖeka va ka nya la ta na Abram, Hebritɔ la, esime wònɔ asaɖa me le Mamre si nye Amoritɔ la ƒe ati gãwo te. Mamre nye Eskol kple Aner, ame siwo nɔ Abram dzi la nɔvi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 14:13
23 Mawu Ofanana  

Yebusitɔwo, Amoritɔwo kple Girgasitɔwo,


Eye Abram le eƒe agbadɔ hom le tutum, le ŋgɔgbe yimii, eye wòva nɔ Mamre ƒe ati gã gbɔ le Xebron-nutowo me, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Nyemele naneke dim o, negbe nusi ɖekakpuiawo ɖu, kple ŋutsu, siwo yi kplim, Aner, Eskol kple Mamre ƒe gome la ko woawo naxɔ wo tɔ gome.


Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae le Mamre ƒe ati gãwo gbɔ, le esime wòbɔbɔ nɔ eƒe agbadɔ nu le ŋdɔ me.


Eye Abraham gblɔ bena: Melɔ̃, maka atam la.


Tete Abraham tsɔ alẽwo kple nyiwo na Abimelex, eye wo kple eve wòbia nu.


Eye esi wòbia nu le Beer-Seba la, Abimelex kple eƒe aʋafia Pixol wodze mɔ gatrɔ yi ɖe Filistitowo ƒe anyigba dzi.


eya aƒeametɔwo vɛ, eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ ɖa, ekplɔ Hebritɔ sia vɛ na mi, amesi ɖi be, yeado ŋukpe mí. Eva gbɔnye, be yeamlɔ anyi kplim, ke medo ɣli sesĩe!


Elabena yakatsyɔe wofim le Hebritɔwo ƒe anyigba dzi, eye afi sia hã nyemewɔ naneke, hafi wolém de ga o.


Eye Hebri-ɖekakpuia ɖe, si enye fia ŋuti mewo ƒe amegã ƒe kluvi la, nɔ mía gbɔ le afima. Mieli míaƒe drɔ̃eawo nɛ, eye wòɖe wo gɔme na mi mia to mía tɔe pɛpɛpɛ.


Tete woɖo kplɔ nɛ ɖe vovo, eye woɖoe na woawo hã ɖe vovo, nenema ke woɖoe ɖe vovo na Egiptetɔ, siwo ɖua nu kplii la hã. Egiptetɔwo meɖua nu kple Hebritɔwo o, elabena enye ŋunyɔnuwɔwɔ le woƒe ŋku me.


kasia Sabatɔwo va dze wo dzi, wole wo, eye wowu dɔlaawo kple yi, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be mava gblɔe na wò.


Esi Mose va tsi la, gbe ɖeka eyi nɔviawo gbɔ, eye wòkpɔ, alesi wole woƒe dɔ sesẽ la wɔmi. Tete wòkpɔ Egiptetɔa ɖe le nɔvia Hebritɔa ɖe ƒom.


Esi wòʋui la, ekpa ŋutsuvia ɖe le avi fam le ame. Eye eƒe nu wo nublanui ne wògblɔ bena: Ɖewo Hebri-ŋutsuviwo dometɔa ɖee!


Eye ne woɖo to wò gbe la, ekema mia kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, ɖe eɖokui fia mí; eyata na miazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖamè nu na Yehowa mia Mawu la.


ne amesiame naɖe asi le kluvi kple kosivi, siwo nye Hebritɔwo la ŋu, be amea ɖeke magana nɔvia Yudatɔ nawɔ kluvidɔ nɛ o.


Eɖo ŋu na wo bena: Hebritɔ menye, eye mevɔ̃a Yehowa, dziƒo Mawu la, amesi wɔ atsiaƒu kple anyigba ƒuƒui.


Eye wova Eskol-bali la me, afisi wotso weintsetse kpo ɖeka le, eye ame eve ƒo ati ɖe eme hetsɔ; wogbe yevuboɖawo kple gbotsetsewo hã.


Eye Israel dɔ amewo ɖo ɖe Sixon, Amori-fia gbɔ bena:


Hebritɔwo wonyea? Nye hãe! Israeltɔwo wònyea? Nye hãe! Abraham-ƒomeawo wonyea? Nye hãe!


Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me,


Tete Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ bena: Nuka dim Hebritɔ siawo le? Axis ɖo ŋu na Filistitɔwo ƒe amegãwo bena: Alo menye eya nye Dawid, Israel-fia Saul ƒe dɔla, si le gbɔnye ƒe eve enye si oa? Eye nyemekpɔ naneke le eŋu, tso esime wòva vaseɖe egbe o.


Eye Benyamintɔa ɖe ƒu du tso aʋagbe dzi va ɖo Silo gbemagbe; awu vuvu le eŋu, eye anyi le ta me nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa