Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 13:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete Abram gblɔ na Lot bena: Megana dzre nanɔ mía kpli wò, nye lãnyilawo kple wò lãnyilawo dome o, elabena nɔviwo míenye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Le esia ta Abram gblɔ na Lot be, “Ele be dzre si dzɔna enuenu ɖe míaƒe amewo dome la nu natso. Mele be memama nanɔ míaƒe ƒomewo dome o. Ele be ɖekawɔwɔ nanɔ mí ame siwo nye ƒometɔwo la dome boŋ.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 13:8
30 Mawu Ofanana  

Alo menye anyigba blibo la nye esi le ŋkuwò me oa? De megbe tso gbɔnye dzro! Ne ètia mia me la, matsɔ ɖusi me, eye ne ètia ɖusi me la, matsɔ mia me.


Azɔ esi Abram se bena, woɖe aboyo nɔvia la, eɖe eƒemevi alafa etɔ̃ kple wuienyi, amesiwo nya aʋawɔwɔ la, eye wòti wo yome vaseɖe Dan.


Emegbe edo mɔ nɔviawo, eye hafi wòadze mɔ la, exlɔ̃ nu wo bena: Migawɔ dzre le mɔ dzi o!


ekema miaɖo ŋu bena: lãnyilawo wò dɔlawo nye tso ɖevime vaseɖe fifi abe mía tɔgbuiwo ke ene, bena wòaɖe mɔ na mi mianɔ Gosen-nyigba la dzi. Elabena Egiptetɔwo nyoa ŋu lãnyilawo.


Dawid ƒe mɔzɔha. Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!


Esi ŋu ke la, egayi, eye wòkpɔ Hebritɔ ɖeɖe eve le avu wɔm. Tete wògblɔ na amesi le ge dim la bena: Nukaŋuti nele nɔviwò ƒom?


Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.


Dɔmedzoetɔ ɖɔa avu, ke tufala tsia dzre nu.


Bubu wònye na ame, ne wòƒo asa na dzre, ke amesiwo katã dea dzre aƒe la, bometsilawo wonye.


Woayra amesiwo léa avu la; elabena woayɔ wo be mawuviwo.


Eye esi ŋu gake la, eva ɖo ɖe wo dzi, le esime wole kɔ dam, eye wòlé avu wo gblɔ bena: „Ŋutsuwo, nɔviwò míenye! Nukaŋuti miele nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mia nɔewo ŋu?“


Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!


Miwo nuwo katã liʋiliʋilili kple ɖikeke manɔmee,


Ke le nɔvilɔlɔ̃ ŋuti la mehiã mi bena, míaŋlɔe aɖo ɖe mi o; elabena Mawu fia mia ŋutɔwo be, mialɔ̃ mia nɔewo;


Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.


Nɔvilɔlɔ̃ nenɔ anyi!


Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.


Mibu amewo katã, milɔ̃ nɔviawo, miyɔ Mawu, mibu fia la.


Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.


Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.


eye le mawusosroɖa me la nɔvilɔlɔ̃ eye le nɔvilɔlɔ̃ me la lɔlɔ̃ na amewo katã.


Lɔlɔ̃tɔwo, mina mialɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me, eye amesiame, si lɔ̃a ame la, Mawu gbɔ wodzii tso, eye wòdze si Mawu.


Ekema me Gaal, Ebed vi, kple nɔviawo va Sixem. Eye esi! Sixemtɔwo ɖo ŋu ɖe eŋu la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa