Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 13:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye Lot tia Yordan-nutowo me katã na eɖokui, eye Lot ʋu yi ɖe ɣedzeƒe gome; ale nɔvi kple nɔvi dome klã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ale Lot tia Yɔdan ƒe balime heɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo. Eʋu yi afi ma kple eƒe lãwo kple eƒe subɔlawo, ale eya kple Abram klã mɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 13:11
11 Mawu Ofanana  

Tete Lot tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke.


Abram nɔ Kanaan-nyigba dzi; ke Lot nɔ nuto ma ƒe duwo me le eƒe agbadɔ hom le tutum, vaseɖe esime wòɖo Sodom.


Esi Lot klã le Abram gbɔ megbe la, Yehowa gblɔ na Abram bena: Tsa ŋku tso afisi nele, eye nakpɔ anyiehe, dziehe, ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe ɖa.


Alo menye anyigba blibo la nye esi le ŋkuwò me oa? De megbe tso gbɔnye dzro! Ne ètia mia me la, matsɔ ɖusi me, eye ne ètia ɖusi me la, matsɔ mia me.


Eye esi wokplɔ wo do goe vo la, wogblɔ bena: Ekpo ɖe asiwò azɔ, eyata ɖe ɖokuiwò! Megakpɔ megbe o, eye megatɔ ɖe afia ɖeke hã o; ke boŋ si yi ɖe to la dzi, bena màgatsrɔ̃ o!


Xɔlɔ̃ menye na amesiwo katã vɔ̃a wò kple amesiwo léa ŋku de wò sededewo ŋu.


Ame kɔkɔe, siwo le anyigba dzi, kple ame ŋkulawo ƒe nu nyea ŋunye ŋutɔŋutɔ.


Megagblẽ xɔ̃wò kple fofowò xɔlɔ̃ ɖi o; gbesigbe hiã tu wò la, megade nɔviwò ƒe me o; aƒelika, si te ɖe ame ŋu, nyo wu ame nɔvi le adzɔge.


Ɣedzeƒe gome enye si: Yordan nanye liƒo le Xauran kple Damasko, Gilead kple Israel-nyigba dome; midzidzee tso liƒo kemea ŋu vaseɖe atsiaƒu la nu le ɣedzeƒe gome; esia nye ɣedzeƒekpa.


eye míagagblẽ mía ŋutɔwo miaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi amea ɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.


Mibu amewo katã, milɔ̃ nɔviawo, miyɔ Mawu, mibu fia la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa