Esi Mawu gblɔ nam bena, maʋu le fofonye ƒe me ayi dzronyigba dzi la, eya me kee megblɔ nɛ bena: Ve nunye, eye afisiafi, si míava la, nagblɔ bena, ye nɔvi ŋutsu menye.
Nya ɖe dziehe-nyigba ƒe lãwo ŋu. Le hiã kple xaxa ƒe anyigba dzi, afisi dzatanɔ kple dzatatsu dona tsona, afisi ƒli kple da toaʋala le la, afima wotsɔa woƒe nuwo ɖoa tedziwo ƒe mẽdome kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo ƒe kpo dzi tsonɛ yia dukɔ, si mele viɖea ɖeke me o la gbɔ.