Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 12:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Abram tsa le anyigba la dzi vaseɖe Sixem kple Moreli gã la gbɔ; ke ɣemaɣi la Kanaantɔwo le anyigba la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Esime wonɔ mɔ zɔm to Kanaanyigba dzi la, woɖo teƒe aɖe le Sikem gbɔ. Wotɔ ɖe ati gã aɖe te le More. Kanaantɔwo nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 12:6
20 Mawu Ofanana  

Eye Kanaan dzi Zidon, eƒe ŋgɔgbevi, kple Xet,


Eye dzre dzɔ ɖe Abram ƒe lãnyilawo kple Lot ƒe lãnyilawo dome. Ke Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo hã nɔ anyigba la dzi le ɣemaɣi me.


Esi Yakob ʋu tso Mesopotamia la, eɖo Sixem, du, si le Kanaan-nyigba dzi la me dedie, eye wònɔ dua xa.


Tete anyigba ma dzi fia, Xamor Xiwitɔ, ƒe ŋutsuvi Sixem kpɔe, eye wolee de asi eŋu, hegblẽe sesẽe.


Tete Yakob gblɔ na Simeon kple Lewi bena: Miehe dzɔgbevɔ̃e va dzinye, eye anyi gbadzinɔla, siwo nye Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo la, woalem ɖe fu me: kpɔ ɖa, ame ʋeea ɖewo koe míenye, eye ne woaƒo ƒu ɖe mia ŋu la, ekema woaɖu mía dzi, eye woatsrɔ̃m kple tɔnyetɔwo katã.


Tete wotsɔ dzromawu, siwo katã le wo si, kple woƒe togɛwo na Yakob, eye Yakob ɖi wo ɖe ati gã, si le Sixem gbɔ la te.


Eye Rexabeam yi Sixem, elabena Israel blibo la va Sixem, be wòaɖo fiae.


Emegbe Yerobeam gbugbɔ Sixem tso de Efrayim-to la dzi hena eme; eyome woʋu tso afima ɖagbugbɔ Penuel tso.


Ena aflaga amesiwo vɔ̃a wò, ne woafɔ wo ɖokui de tsitre le nyateƒe la ta. Sela.


Nunɔlawo ƒe ha le abe adzoblasu, siwo de xa ɖi la ene, wowu ame le Sixem-mɔ dzi, eye wowɔ ŋukpenanu.


Ale wòva Samariatɔwo ƒe dua ɖe, si woyɔna be Sixar me, si le ɖe anyigba, si Yakob na via Yosef la ŋuti;


eye wotsɔ wo va Sixem, eye wotsɔ wo mia yɔdo, si Abraham tso klosalo ƒlee le Xemor-viwo si le Sixem la me.


Wole Yordan ƒe go keme dzi le mɔ, si le ɣetoɖoƒe gome la dzi, le Kanaanitɔ, siwo le gbadzaƒe la, ƒe anyigba dzi le Gilgal kasa hete ɖe More ƒe ati gãwo gbɔ.


Le xɔse me wònye amedzro le ŋugbedodonyigba dzi abe dzronyigba ene, eye eya kple Isak kpakple Yakob, amesiwo nye ŋugbedodo kema ke ƒe hadomenyilawo la, wonɔ agbadɔwo me;


Tete woɖo Kedes le Galilea le Naftali-to dzi kple Sixera le Efrayim-to dzi kpakple Kiryat-Arba, si nye Xebron le Yuda-to dzi.


Eye Israel-viwo ɖi Yosef ƒe ƒu, siwo wotsɔ tso Egipte vɛ la, ɖe Sixem, ɖe anyigba, si Yakob ƒle kesita alafa ɖeka le Sixem fofo Xamor ƒe viwo si la dzi, eye wòtrɔ zu Yosef-viwo ƒe domenyinu.


Tete Yerub-Baal, si nye Gideon, kple dukɔ blibo, si le eŋu la, fɔ ŋdi kanya va ƒu asaɖa anyi de Xarod-vudo la gbɔ, eye Midiantɔwo ƒe asaɖa le woƒe anyiehe gome, tso More-togbɛ la gbɔ ɖo ta bali la me.


Eye Abimelex, Yerub-Baal vi, yi dadaa nɔviwo gbɔ le Sixem, eye wòƒo nu kpli wo kpakple dadaa fofo ƒomeawo katã bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa