Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 12:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye wòwɔ Abram nyuie le eta, eye wotso alẽwo, nyiwo, tedzitsuwo, kluviwo, kosiwo, tedzinɔwo kple kposɔwo nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Farao tsɔ nunana geɖewo, alẽwo, nyiwo, tedziwo, kluviwo, kosiwo kple kposɔwo na Abram ɖe srɔ̃a Sarai ta.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 12:16
13 Mawu Ofanana  

Eye lãwo, klosalo kple sika geɖe le Abram si taŋ.


Eye anyigba mede wo nu bena, woanɔ wo nɔewo gbɔ o; elabena woƒe kesinɔnuwo sɔ gbɔ akpa, eyata womete ŋu nɔ wo nɔewo gbɔ o.


Eye Abram srɔ̃ Sarai medzi vi nɛ kpɔ o. Ke Egipte-nyɔnua ɖe, si woyɔna be Hagar la, nye eƒe kosi.


Tete Abimelex tso alẽwo, nyiwo, kluviwo kple kosiviwo na Abraham, eye wògagbugbɔ srɔ̃a Sara hã nɛ.


Yehowa yra nye aƒetɔ wòkpɔ nu ŋutɔ, eye wòna alẽwo kple nyiwo, klosalo kple sika, kluviwo kple kosiviwo, kpo-sɔwo kple tedziwoe.


Eye wòkpɔ alẽhawo kple nyihawo hekpe ɖe kluvi geɖewo ŋuti, ale bena Filistitowo ʋã ŋui.


Eye ŋutsu la ƒe kesinɔnuwo le dzidzim ɖe dzi ŋutɔ, eye wòkpɔ alẽwo kple gbɔwò, kosiviwo kple kluviwo, kposɔwo kple tedzi geɖewo?


Eye wògblɔ na wo bena: Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: Wò dɔla Yakob be, míagblɔ na wò bena: Menɔ Laban gbɔ, eye metsi anyi ʋuu vaseɖe fifi.


Eƒe lãwo le ale akpe adre, kposɔ akpe etɔ̃, nyi eveve teƒe alafa atɔ̃ kple tedzinɔ alafa atɔ̃ kpakple dɔla geɖewo fũ. Eye ŋutsu sia ɖo kpo ɖe ɣedzeƒeviwo katã dzi.


Yehowa yra Hiob fifia wu tsã, eye alẽ akpe wuiene, kposɔ akpe ade, nyi eveve teƒe akpe ɖeka kple tedzinɔ akpe ɖeka nɔ esi.


Ke ne dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la ƒe vava he ɖe megbe, eye wòaɖe asi dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu, eye wòamu aha;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa