Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 12:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye esi Farao ŋumewo kpɔe la, wokafui na Farao, eye wokplɔ nyɔnu la va Farao ƒe me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Esi fia ƒe subɔlawo kpɔe la, wokafu eƒe tugbedzedze na Fia Farao, eye wokplɔe yi ɖe Farao ƒe aƒe me.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 12:15
18 Mawu Ofanana  

Eye esi Abram va Egipte la, Egiptetɔwo kpɔ nyɔnu la bena, edze tugbe ŋutɔ.


Eye Abraham gblɔ le srɔ̃a Sara ŋuti bena, ye nɔvinyɔnue; eyata Abimelex, Gerar-fia, na wokplɔ Sara vɛ na ye.


Ke esi afima ŋutsuwo bia srɔ̃a ta se la, egblɔ bena, ye nɔvinyɔnue. Elabena ele vɔvɔ̃m be, ne yeʋu me be, ye srɔ̃e la, ekema afima ŋutsuwo awu ye le ye srɔ̃ Rebeka ta; elabena edze tugbe ŋutɔ.


Eye Farao do dɔmedzoe ɖe eŋuti me eveawo, ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒola wo ƒe amegã ŋuti.


Le ƒe eve megbe la Farao ku drɔ̃e. Ele tsitre ɖe Nil to.


Esi fiaɖuƒe la li ke ɖe Salomo si me la, Salomo do ƒome kple Egipte-fia Farao, eye wòɖe Farao ƒe vinyɔnu hekplɔ va Dawid ƒe du la me, hafi wòva wu eƒe xɔ kple Yehowa ƒe xɔ kpakple gliɖoɖo ɖe Yerusalem ŋu godoo nu.


Azɔ èle dzi ɖom ɖe aƒla ŋeŋe ma, si nye Egipte la ŋu, esi ne amea ɖe ziɔ ɖe eŋu la, wòŋɔa asi nɛ flo la; alea Egipte-fia le na amesiwo katã le dzi ɖom ɖe eŋu.


Mibia Yehowa kple eƒe ŋusẽ la se, eye midi eƒe ŋku me ɖaa!


Farao hã se nya la, eye wòle didim be, yeawu Mose. Ke Mose si le Farao nu heyi ɖe Midian-tɔwo ƒe anyigba dzi, eye wòva bɔbɔ no vudoa ɖe to.


Tete Farao vinyɔnu va tsi le ge le Nil me. Ke egbɔ nyɔnuviwo le tsa ɖim le tɔa to. Kasiaa wòkpɔ kusia ɖe le aƒlawo dome ɖa, eye wòdo eƒe dɔlanyɔnu ɖa, be wòaɖatsɔe vɛ.


Dziɖula, si ɖoa to alakpanya la, ame vɔ̃ɖiwo nye eƒe dɔlawo katã.


Alea ke wòanɔ na amesi de ehavisrɔ̃ gbɔe; amesiame, si de asi eŋu la, metsi to mahemahe o.


na Egipte-fia Farao kple eƒe dɔlawo, eƒe amegãwo kple eƒe dukɔ blibo la;


Miyɔ Egipte-fia Farao be „hohohodola, si ɖea ŋu ɖi le ɣeyiɣi nyuitɔ ŋu.“


Amevi, to konyifaha ɖe Egipte-fia Farao ŋu nagblɔ nɛ bena: Wò amesi nye dzata le dukɔwo dome la, nuwò yi! Lo nènye nɔ tɔ me, ètu tsi to ŋɔti me, ètsɔ wò afɔ blu tɔe, eye nènyã avuzi le tɔsisi me.


Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa