Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 11:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Mina míaɖi ayi afima, ne míatɔtɔ woƒe gbe, bena amea ɖeke nagase nɔvia ƒe gbe o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Mina míaɖi ayi anyigba dzi, eye míatɔtɔ woƒe gbe ale be womagase wo nɔewo gɔme o!”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 11:7
20 Mawu Ofanana  

Eye Mawu gblɔ be: Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, woaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple lã, siwo katã tana le anyigba dzi la dzi!


Esiawo nye Xam-viwo le woƒe ƒomewo, gbewo, anyigbawo kple woƒe dukɔwo nu.


Esia nye Noa viŋutsuwo ƒe ƒomewo le woƒe dzidzimewo kple woƒe dukɔwo nu, eye woawo me anyigba dzi dukɔwo dzɔ tso le tsiɖɔɖɔ la megbe.


Amesiawo me dukɔ, siwo nɔa ƒukpowo dzi la, dzɔ tso. Esiawo nye Yafet viŋutsuwo le woƒe anyigbawo, woƒe gbe vovovowo, woƒe ƒomewo kple woƒe dukɔwo nu.


Tete Yehowa ɖi va anyi, be yeakpɔ du kple mɔ̃ kɔkɔ, si amegbetɔviwo le tutum la ɖa.


Eye Yehowa Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, ame zu sigbe mía dometɔ ɖeka ene, eye wònya nyui kple vɔ. Ke be wòagaɖo asi ɖa agbe agbetia hã ƒe ɖe aɖu, eye wòanɔ agbe ɖoɖoɖo o la,


Ke womenyae bena, Yosef le esem o, elabena gbesevi le wo dome.


Exɔa nuƒoƒo nyui le nuƒolawio si, eye wòɖea nunya le tagbɔ na amegã ɖeɖiwo.


Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.


Yehowa tɔtɔ dukɔwo ƒe adaŋudede me, eye wògblẽ anyigba dzi dukɔwo ƒe tameɖoɖo me.


Mawɔ kaba asi le ya ʋuduʋudu kple ahom nu.


Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ameka wo nu na ame? Ameka wo aɖetututɔ alo tokunɔ alo nukpɔla alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowa oa?


Magakpɔ dukɔ nyanyrã azɔ o, dukɔ, si ƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye womate ŋu ase eme o, woƒe aɖe kɔkɔna, eye gɔmesesea ɖeke mele eŋu o.


Tete mese Aƒetɔ la ƒe gbe wògblɔ bena: Ameka madɔ, eye ameka ayi na mí? Tete megblɔ bena: Nyee nye esi, dɔm!


Yehowa be: Israel ƒe aƒe, eyata makplɔ dukɔa ɖe tso didiƒe ava ƒo ɖe mia dzi, dukɔ sẽnu wònye, blema dukɔ wònye, dukɔ, si ƒe gbe mènya o, eye mèsea eƒe nuƒoƒo me hã o.


Azɔ la nenye hame blibo la katã va kpe ta ɖe afi ɖeka, eye amewo katã tsɔ gbegbɔgblɔ ƒo nu, eye numanyamanyatɔwo alo dzimaxɔsetɔwo ava ge ɖe eme la, womagblɔ bena, tsu kum miele o mahã?


Yehowa akplɔ dukɔ, si ƒe gbe mèsena o la, tso didiƒe le anyigba seƒe ke, abe alesi hɔ̃ dzona ene, ava de wò;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa